Luz do mundo
Jesus declarou: 'Eu sou a luz do mundo.' A luz é metáfora central da Bíblia — Deus é luz, Cristo é luz, e os cristãos são chamados a brilhar como filhos da luz neste mundo.
Jesus, a luz do mundo
Jesus disse: quem me segue não andará em trevas, mas terá a luz da vida. Ele é a verdadeira luz que ilumina todo homem.
Yesue nye xexea me ƒe kekeli
Yesu gaƒo nu na ameawo, eye wògblɔ be, "Nyee nye xexea me ƒe Kekeli la. Ame si dze yonyeme la, mazɔ viviti me o, elabena agbe ƒe kekeli la aklẽ ɖe eƒe mɔ dzi."
Yesue nye xexea me ƒe kekeli
Yesu gaƒo nu na ameawo, eye wògblɔ be, "Nyee nye xexea me ƒe Kekeli la. Ame si dze yonyeme la, mazɔ viviti me o, elabena agbe ƒe kekeli la aklẽ ɖe eƒe mɔ dzi."
Eya me agbe le, eye agbe siae nye amegbetɔwo ƒe kekeli. Kekeli la klẽ ɖe viviti me, eye viviti la mete ŋu ɖu edzi o.
Kekeli la klẽ ɖe viviti me, eye viviti la mete ŋu ɖu edzi o.
Kekeli la klẽ ɖe viviti me, eye viviti la mete ŋu ɖu edzi o.
Zi ale si mele xexea me la, nyee nye xexea me ƒe kekeli la."
Nye la, meva xexea me abe kekeli ene, be ame si xɔ dzinye se la manɔ viviti me o.
Nu si ta wodrɔ̃ ʋɔnu wo xoxo lae nye be Kekeli tso dziƒo va xexea me, gake ame siawo lɔ̃ viviti wu Kekeli la, elabena woƒe nuwɔnawo vɔ̃ɖi ŋutɔ. Wolé fu Kekeli si tso dziƒo va la, elabena wodi vevie be yewoawɔ nu vɔ̃ le viviti me. Wote ɖa xaa tso Kekeli la gbɔ, elabena wovɔ̃ be yewoƒe nu vɔ̃wo adze le gaglãgbe. Gake ame siwo le nyateƒe la dzi wɔm la vaa Kekeli la gbɔ be ame sia ame nakpɔe be yewole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm.
Deus é luz
Deus é luz e nele não há treva alguma. Se andarmos na luz, temos comunhão uns com os outros e o sangue de Jesus nos purifica.
Mizɔ le kekeli la me
Azɔ la, esia nye gbedeasi si míese tso egbɔ, eye míele gbeƒã ɖemi na mi be, "Mawue nye kekeli, eye viviti aɖeke mele eme kura o."
Mizɔ le kekeli la me
Azɔ la, esia nye gbedeasi si míese tso egbɔ, eye míele gbeƒã ɖemi na mi be, "Mawue nye kekeli, eye viviti aɖeke mele eme kura o." Ne míegblɔ be míebɔa ha kplii, gake míegale viviti me zɔm la, ekema míenye alakpatɔwo, eye míele nyateƒe la dzi wɔm o. Ke ne míezɔ le kekeli me abe ale si eya hã le kekeli me ene la, ekema míebɔ ha kple mia nɔewo, eye Yesu Kristo si nye Via ƒe ʋu aklɔ míaƒe nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋuti.
Ke ne míezɔ le kekeli me abe ale si eya hã le kekeli me ene la, ekema míebɔ ha kple mia nɔewo, eye Yesu Kristo si nye Via ƒe ʋu aklɔ míaƒe nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋuti.
Ke ne míezɔ le kekeli me abe ale si eya hã le kekeli me ene la, ekema míebɔ ha kple mia nɔewo, eye Yesu Kristo si nye Via ƒe ʋu aklɔ míaƒe nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋuti.
Nunana nyui kple nunana deblibo ɖe sia ɖe la, dziƒo wòtsona, tso dziƒokekeli ƒe Fofo la gbɔ, ame si metrɔna abe ale si vɔvɔli trɔna ene o.
Nunana nyui kple nunana deblibo ɖe sia ɖe la, dziƒo wòtsona, tso dziƒokekeli ƒe Fofo la gbɔ, ame si metrɔna abe ale si vɔvɔli trɔna ene o.
Vós sois a luz do mundo
Jesus disse aos discípulos: vós sois a luz do mundo. Não se esconde uma cidade edificada sobre um monte. Brilhem a vossa luz!
"Miawoe nye xexea me ƒe kekeli. Womate ŋu aɣla du si le to dzi la o. Ame aɖeke medraa akaɖi tsɔ dea afianu te o, ke boŋ ɖe akaɖiti dzi, be wòaklẽ na aƒea me nɔla ɖe sia ɖe. Nenema ke mina miaƒe akaɖiwo naklẽ le amewo gbɔ, be woakpɔ miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, eye woakafu mia Fofo si le dziƒo."
"Miawoe nye xexea me ƒe kekeli. Womate ŋu aɣla du si le to dzi la o.
Ame aɖeke medraa akaɖi tsɔ dea afianu te o, ke boŋ ɖe akaɖiti dzi, be wòaklẽ na aƒea me nɔla ɖe sia ɖe. Nenema ke mina miaƒe akaɖiwo naklẽ le amewo gbɔ, be woakpɔ miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, eye woakafu mia Fofo si le dziƒo."
miawoe nye ame siwo nɔ viviti me tsã,
gake fifia la, Kekeli gã aɖe klẽ na mi.
Mi ame siwo nɔ ku ƒe anyigba dzi,
Kekeli klẽ na mi."
Ke miawo la, mienye ame tiatiawo, fia la ƒe nunɔlawo, dukɔ kɔkɔe, ame siwo nye Mawu ŋutɔ tɔ, be miaɖe gbeƒã ame si yɔ mi tso viviti me va eƒe nukukekeli me la ƒe kafukafu.
Ke miawo la, mienye ame tiatiawo, fia la ƒe nunɔlawo, dukɔ kɔkɔe, ame siwo nye Mawu ŋutɔ tɔ, be miaɖe gbeƒã ame si yɔ mi tso viviti me va eƒe nukukekeli me la ƒe kafukafu.
Elabena mi katã la, kekeli kple ŋkeke la ƒe viwoe mienye, eye mienye viviti kple zã tɔwo o,
A luz nas Escrituras
A Palavra de Deus é lâmpada para nossos pés e luz para o caminho. Ela ilumina, revela e nos guia na verdade.
Wò nya la nye akaɖi na nye afɔ
kple kekeli na nye mɔ.
Wò nya la nye akaɖi na nye afɔ
kple kekeli na nye mɔ.
Kekeli vana ne woʋu go wò nyawo,
eye nugɔmesese sua ame gblɔewo gɔ̃ hã si.
Yehowae nye nye kekeli kple nye ɖeɖe.
Ame ka mavɔ̃?
Yehowae nye mɔ sesẽ na nye agbe,
ame ka adzi ŋɔ nam?
Elabena gbɔwòe agbe ƒe tsitsetse la le,
eye wò kekeli mee míekpɔa kekeli le.
Wò, O! Yehowae na nye akaɖi le bibim,
eye nye Mawu trɔ nye viviti wòzu kekeli.
Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa ƒe asi me;
ɖo dzi ɖe eŋu, eye awɔ esia na wò.
Ana wò dzɔdzɔenyenye nàdze abe ŋdikekeli ene,
eye wò dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ abe ŋdɔkutsuɣe ene.
Elabena èɖem tso ku me,
eye nèna be nye afɔwo hã magaɖiɖi o,
ne mate ŋu azɔ le Mawu ŋkume
le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.
O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ, gaɖo mí te;
na wò mo nàklẽ ɖe mía dzi be míakpɔ xɔxɔ.
Anyigba mesu wo si to
woawo ŋutɔ ƒe yi dzi loo,
alo woawo ŋutɔ ƒe alɔe ɖu dzi na wo o,
ke boŋ wò nuɖusi,
wò alɔ kple wò mo ƒe kekelie xɔ na wo,
elabena èlɔ̃ wo.
Na wò mo naklẽ ɖe wò dɔla dzi,
ɖem le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta.
Luz versus trevas
A luz brilha nas trevas e as trevas não a venceram. Cristãos são chamados a não ter comunhão com as trevas, mas a expô-las.
Satana, ame si le dzi ɖum le xexe vɔ̃ɖi sia me fifia lae gbã dzimaxɔsetɔwo ƒe ŋkuwo eye wòtsyɔ nu woƒe susuwo dzi. Ewɔ esia be womakpɔ kekeli si tso nyanyui la me le keklẽm ɖe wo dzi la eye woase nu si gblɔm míele tso Kristo si nye Mawu ƒe nɔnɔme la ƒe ŋutikɔkɔe ŋu la gɔme o. Menye mía ŋutɔ ɖokuiwo ŋutie míele gbeƒã ɖem le na mi o, ke boŋ Yesu Kristo ŋutie, eye eyae nye Aƒetɔ la. Ke míawo la, míenye subɔlawo le Yesu ŋuti. Mawu ame si gblɔ be, "Kekeli neklẽ ɖe viviti me la," kee nye ame si klẽ ɖe míawo hã ƒe dzi me. To esia wɔwɔ me la, ena be míexɔ kekeli la ƒe sidzedze, si nye eƒe ŋutikɔkɔe si klẽna tso Kristo me.
Mawu ame si gblɔ be, "Kekeli neklẽ ɖe viviti me la," kee nye ame si klẽ ɖe míawo hã ƒe dzi me. To esia wɔwɔ me la, ena be míexɔ kekeli la ƒe sidzedze, si nye eƒe ŋutikɔkɔe si klẽna tso Kristo me.
Migade ha kple dzimaxɔsetɔwo o
Migawɔ ɖeka kple ame siwo melɔ̃a Aƒetɔ la o. Ƒomedodo kae le xɔsetɔwo kple dzimaxɔsetɔwo dome? Eye aleke kekeli kple viviti ate ŋu anɔ teƒe ɖekae le ɣeyiɣi ɖeka me?
Medoa gbe ɖa be miaƒe gbɔgbɔmeŋkuwo naʋu, eye dzi nyanu nanɔ mia si be míade dzesi mɔkpɔkpɔ si wòyɔ mí na, eƒe kesinɔnu, ŋutikɔkɔe ƒe domenyinyi si wòna ame kɔkɔewo,
Dukɔ si le viviti me zɔm la kpɔ kekeli gã aɖe,
ame siwo le blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe anyigba dzi la, kekeli klẽ na wo.
Zion ƒe ŋutikɔkɔe
"Tso nàklẽ, elabena wò kekeli do,
eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze ɖe dziwò,
Zion ƒe ŋutikɔkɔe
"Tso nàklẽ, elabena wò kekeli do,
eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze ɖe dziwò,
elabena kpɔ ɖa, viviti ado ɖe anyigba katã dzi,
eye blukɔ tsiɖitsiɖi atsyɔ eƒe amewo dzi,
gake Yehowa adze ɖe dziwò,
eye eƒe ŋutikɔkɔe anɔ dzedzem le dziwò.
Dukɔwo ava wò kekeli la gbɔ,
eye fiawo ava wò agudzedze ƒe keklẽ la gbɔ.
"Nye amehawo, miɖo tom,
nye dukɔ, miaƒe to nenɔ ŋunye:
Nufiame atso gbɔnye,
eye nye ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃
anye kekeli na dukɔwo.
Proclamar a luz
Os cristãos são embaixadores da luz, chamados a proclamar as virtudes daquele que nos chamou das trevas para a sua maravilhosa luz.
Esia nye se si Aƒetɔ la de na mí be,
" ‘Mewɔ wò be nànye kekeli na ame siwo menye Yudatɔwo o,
eye nàkplɔ wo tso xexea me ƒe dzogoewo katã dzi
ava be woakpɔ ɖeɖe le gbɔnye.’ "
Esia nye se si Aƒetɔ la de na mí be,
" ‘Mewɔ wò be nànye kekeli na ame siwo menye Yudatɔwo o,
eye nàkplɔ wo tso xexea me ƒe dzogoewo katã dzi
ava be woakpɔ ɖeɖe le gbɔnye.’ "
Ke Mawu kpɔ dzinye ale megale agbe egbe, be magblɔ nya sia na ame sia ame ƒomevi, ame gblɔewo kple bubumewo siaa. Ke nyemele nya bubu aɖeke gblɔm o, negbe nu si nyagblɔɖilawo kple Mose wogblɔ ɖi be ava va eme la koe. Nyagblɔɖilawo kple Mose gblɔ be, ‘Woawɔ funyafunya Kristo la, eyae anye ame gbãtɔ si afɔ tso ame kukuwo dome, eye wòahe Kekeli vɛ na Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o.’ "
Mawu gblɔ be, "Kekeli nedo." Eye kekeli do.
" ‘ "Yehowa ayra wò,
eye wòakpɔ dziwò!
Yehowa akɔ ŋkume ɖe wò,
eye wòave nuwò!
Yehowa atrɔ mo ɖe gbɔwò,
eye wòana ŋutifafa wò." ’
Eyae ɖea nu detowo kple nu ɣaɣlawo fiana
Enyaa nu si ɣla ɖe viviti me
Eye kekeli nɔa eŋu.
Du la mehiã ɣe alo ɣleti be woaklẽ nɛ o, elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe naa kekelii, eye Alẽvi lae nye eƒe akaɖi.
Zã maganɔ anyi o. Womahiã akaɖi ƒe keklẽ alo ɣe ƒe keklẽ o, elabena Aƒetɔ Mawu ana akaɖi wo, eye woaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.
Lododo tso akaɖi si le afianu te la ŋu
Ɣe bubu ɣi la, Yesu bia ameawo be, "Ame kae se kpɔ be ame aɖe si akaɖi, eye wòtsɔ nu tsyɔ edzi be megaklẽ o. Gbeɖe, akaɖi la, akaɖiti dzie wodanɛ ɖo be wòaklẽ be amewo nakpɔ nu.
Wò ŋkue nye akaɖi na wò ŋutilã. Ne wò ŋku dzi kɔ la, wò ame blibo la àyɔ fũu kple kekeli. Ke ne ŋku vɔ̃ɖi le asiwò la, màte ŋu akpɔ kekeli la o, elabena àtsi viviti me.
Nu sia nu si miegblɔ le viviti me la, woasee le kekeli me, eye nu si mietsɔ do dalĩ le miaƒe xɔgãwo me la, woaɖe gbeƒãe le xɔwo tame."
Este artigo te tocou? Faça uma oração!
+581 estão orando agora.
Junte-se à corrente de oração.