Publicidade

Salmos 80

Asaf ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe "Nubabla ƒe Dzogbenya" ƒe gbeɖiɖi nu.

1 O, Israel ƒe Kplɔla, ɖo to ,

ame si kplɔ Yosef ƒe dzidzimeviwo abe lãha ene;

ame si anyi ɖe kerubiwo titina gli,

klẽ 2 le Efraim, Benyamin kple Manase ŋgɔ.

Nyɔ ŋusẽ,

va nàxɔ na .

3 O! Mawu, gaɖo te;

na mo naklẽ ɖe mía dzi,

be míakpɔ xɔxɔ.

4 O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ,

va se ɖe ɣe ka ɣi dɔmedzoe abi ɖe

dukɔ ƒe gbedodoɖa ŋu?

5 Èna aɖatsibolo wo woɖu,

eye nèna aɖatsi wo wono taŋtaŋ.

6 Ètsɔ dzrewɔnui na míaƒe aƒelikawo,

eye míaƒe futɔwo ɖe alɔme le mía ŋu.

7 O! Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, gaɖo te;

na mo naklẽ ɖe mía dzi,

be míakpɔ xɔxɔ.

8 Ètsɔ wainka tso Egipte,

ènya dukɔwo, eye nèdoe.

9 Èdzra eŋuti ɖo nyuie,

eye wòto ke hevu tsyɔ anyigba.

10 Edo vɔvɔli ɖe towo tame

eye wòɖe alɔ de sedati kɔkɔwo tame.

11 Eɖe alɔ yi ɖe keke ƒuta ke,

eye eƒe kewo yi ɖe keke Frat tɔsisi la nu ke.

12 Nu ka ŋuti nègbã kpɔ le eŋu,

ale be ame siwo to afi ma yi la wain tsetsewo?

13 Gbehawo nya avuzi le edzi,

eye gbemelãwo ɖui.

14 Trɔ va mía gbɔ, O Mawu, Ŋusẽkatãtɔ!

Do ɖa tso dziƒo, eye nàkpɔ nu!

Kpɔ wainka sia ta,

15 ke si nuɖusi do,

viŋutsu si ŋutɔ nèhe wòtsi.

16 Wolã wainka,

wotɔ dzoe, eye mokaname na amewo tsrɔ̃.

17 asi nenɔ ŋutsu si le nuɖusime,

amegbetɔvi si nènyi na ɖokuiwò la dzi.

18 Ekema míatrɔ le yowòme o;

gbɔ agbe , eye míayɔ ŋkɔ.

19 O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ, gaɖo te;

na mo nàklẽ ɖe mía dzi be míakpɔ xɔxɔ.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-