Pular para o conteúdo
Publicidade

Obediência aos pais

Por Bíblia Online

A obediência aos pais é mandamento divino com promessa de vida longa. A Bíblia valoriza a honra filial e ensina os filhos a respeitar e obedecer aos pais com amor.

Honrar pai e mãe

O quinto mandamento ordena honrar pai e mãe. É o primeiro mandamento com promessa: para que vá bem e vivas muito na terra.

Bu fofowò kple dawò be nànɔ agbe didi le anyigba si Yehowa, Mawu la ana la dzi.

Bu fofowò kple dawò. Ɖo ŋku edzi be esiae nye Yehowa, Mawu la ƒe se. Ne èwɔ ɖe edzi la, ànɔ agbe didi, eye wòadze edzi na le anyigba si Yehowa, Mawu la le nawòm la dzi.

Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe Se gblɔ be, Bu fofowò kple dawò; ame si tsi tsitre ɖe edzilawo ŋuti la, ku kee wòaku.

Ɖeviwo kple dzilawo

Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe. "Bu fofowò kple dawò," esiae nye sedede gbãtɔ si ŋuti ŋugbedodo kpe ɖo, "be wòadze edzi na nyuie, eye nànɔ agbe didi le anyigba dzi."

Mi fofowo la, migado dɔmedzoe na mia viwo o, ke boŋ mihe wo, eye miafia nu wo le Aƒetɔ la me.

Obedecer e respeitar

Filhos, obedecei a vossos pais no Senhor. A obediência filial é expressão de amor e temor a Deus.

Mi ɖeviwo la, ele be miabu mia fofowo kple mia dadawo ɣe sia ɣi, elabena esiae dze Aƒetɔ la ŋu.

Nuxɔxlɔ̃ amewo le ha baɖa dede ŋuti

Vinye, ɖo to fofowò ƒe nuxɔxlɔ̃

eye mègagbe nu le dawò ƒe nufiame gbɔ o.

Anye seƒoƒokuku aɖo atsyɔ̃ na ta

kple kɔga anɔ kɔwò.

Nuxɔxlɔ̃ amewo le ahasiwɔwɔ ŋuti

Vinye, fofowò ƒe sededewo me ɖe asi

eye mègagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.

Bla wo ɖe dzi ŋuti tegbee

eye nàsae ɖe ŋuti.

Ne èle zɔzɔm la, woafia , ne èle alɔ̃ dɔm la,

woadzɔ ŋuwò eye ne ènyɔ la, woaƒo nu na

elabena sedede siawo nye akaɖi,

nufiafia sia nye kekeli eye ɖɔɖɔɖo

si amehehe hena la nye agbe ƒe ,

Nunya ƒo nuwo katã ta

Vinyewo, mise mia fofo ƒe nufiame;

miɖo to ne miaxɔ gɔmesese.

Nusɔsrɔ̃ deto mele mia nam

eya ta migagbe nye nufiafia o.

Esi menye ɖevi sue kple vi ̃ le fofonye ƒe aƒe me

kple vi ɖekɛ na danye la,

efia num hegblɔ be,

"Ku ɖe nye nyawo ŋu kple dzi katã,

nye sededewo me ɖe asi ekema ànɔ agbe.

Dze nunya, di gɔmesese,

mègaŋlɔ nye nyawo be alo aƒo asa na wo o.

Mègagbe nu le nunya gbɔ o ekema adzɔ ŋuwò,

̃e ekema akpɔ tawò.

Vi nyanu ɖoa to fofoa ƒe amehehe,

ke fewuɖula metsɔa ɖeke le mokaname me o.

He ɖevi ɖe si wòato la dzi eye ne etsi la,

mate ɖa le edzi o.

Disciplina e consequências

A vara e a repreensão dão sabedoria. A Bíblia adverte sobre as consequências sérias da rebeldia e desonra aos pais.

Ameƒoti si wotsɔna ɖɔa ame ɖoe la fiaa nunya ame,

gake ɖevi si womehe o la dea ŋukpe mo na dadaa.

Ame si daa adzo fofoa,

nyaa dada doa goe lae nye viŋutsu si hea ŋukpe

kple vlododo .

"Ŋku si ɖua fewu le fofoa ŋu,

eye wòdoa vlo bubudede dadaa ŋu la,

balime ƒe akpaviãwo ahoe le etome,

eye akagawo aɖui.

"Ele be woawu ame sia ame si aƒo fofoa alo dadaa.

Ŋutsuvi dzeaglãwo

"Ne viŋutsu sẽto, dzeaglã aɖe le ŋutsu aɖe si, meɖoa to fofoa kple dadaa o, togbɔ be wohea to hafi la, ekema fofoa kple dadaa nakplɔe ayi dumemetsitsiawo gbɔ, agblɔ be, Mía viŋutsu sia sẽa to, dzea aglã, eye mewɔa míaƒe gbe dzi o; gawu la, enye ame vlo kple ahanomunɔ.Ekema dua me tɔwo aƒu kpee wòaku. Ne miewɔ alea la, miaɖe nu ̃ sia tɔgbi ɖa le mia dome, eye Israel ɖekakpuiwo katã ase nya si dzɔ eye vɔvɔ̃ aɖo wo.

Ne ŋutsu do ɖiŋu na fofoa alo dadaa la,

woatsi eƒe akaɖi ne ele viviti tsiɖitsiɖi me.

Mito fukpekpe me abe miaƒe hehe ƒe akpa aɖe ene, elabena Mawu le mia hem abe via ŋutsuwo ene, elabena viŋutsu kae li ame si fofoa mehea to na o?

Ke ne viwo alo mamayɔviwo le wo si la, ekema ele be woawo nakpɔ wo dzi, elabena ele be dɔmenyowɔwɔ nadze egɔme tso aƒe me, eya ta ele be woakpe ɖe wo dzila siwo le hiã me la ŋuti. Esia nye nane si dzea Mawu ŋu ŋutɔŋutɔ.

Seja o primeiro