Pular para o conteúdo
Publicidade

Deuteronômio 21

Nu si woawɔ ne womenya ta le amewunya aɖe nu o

1 "Ne mieva ɖo ŋugbedodonyigba la dzi, eye wofɔ ame aɖe si wowu da ɖe gbe me la ƒe kukua, eye ame aɖeke mekpɔ ame si wui o la, 2 ekema ele be miaƒe ametsitsiwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo nadzidze didime si le teƒea kple du siwo te ɖe teƒea ŋu la dome. 3 Mina du si te ɖe eŋu wu la ƒe ametsitsiwo natsɔ nyinɔe ɖeka si womede kɔkuti na kpɔ o la, 4 ayi balime si tɔsisi aɖe to, eye womede agble ɖi kpɔ o. Woaŋe nyinɔe la le afi ma.

5 "Nunɔlawo, ame siwo Yehowa, Mawu la tia be woawɔ le yeƒe ŋkume, ayra amewo, adrɔ̃ ʋɔnu, eye woahe to na amewo la 6 nava klɔ asi ɖe nyinɔe la dzi, 7 eye wòagblɔ be, Menye míaƒe asiwoe ʋu sia ɖi o, eye míekpɔ hlɔ̃ sia dodo teƒe o. 8 O! Yehowa, tsɔ nu ̃ ke dukɔ Israel, si ŋutɔ nèɖe, eye mègada ame maɖifɔ sia wuwu ɖe dukɔ la dzi o. Tsɔ ame sia ƒe ʋukɔkɔɖi ƒe nu ̃ ke .9 Ale nàɖe fɔɖiɖi sia ɖa le mia dome to Yehowa ƒe sewo dzi wɔwɔ me."

Nyɔnu siwo wolé le aʋa me la ɖeɖe

10 "Ne èyi aʋa, eye Yehowa, Mawu la na nèɖu futɔwo dzi, 11 eye ne èkpɔ ɖetugbi dzetugbe aɖe le aʋaléleawo dome la, 12 kplɔe yi aƒe me. Ele be wòaƒlɔ ta, aɖe fe, 13 aɖe avɔ si wòta hafi wolée la da ɖi, ata avɔ bubu, eye wòanɔ aƒe me, afa fofoa kple dadaa ɣleti ɖeka blibo. Le esia megbe la, àte ŋu aɖee. 14 Ke ne èɖee hafi va kpɔ be meganyo na ye o la, ele be nàna ablɔɖee. Mègadzrae o, eye mègawɔe ŋutɔ kluvi o, elabena ède asi eŋu xoxo."

Nu siwo nye ŋgɔgbeviwo

15 "Ne srɔ̃ eve le ŋutsu aɖe si, ŋutsua ̃ srɔ̃a ɖeka, ke melɔ̃ evelia o, evɔ nyɔnu eveawo katã dzi vi , eye Via ŋutsu tsitsitɔ dadae nye srɔ̃a si ŋutsu la melɔ̃ o la, 16 mele be ŋutsu la nana domenyinu Via ŋutsu ɖevitɔ, ame si dada wòlɔ̃ la wòasɔ gbɔ wu Via ŋutsu tsitsitɔ, ame si dadaa melɔ̃ o la o. 17 Ele na ŋutsu la be wòawɔ dukɔa ƒe sea dzi, eye wòatsɔ Via ŋutsu suetɔ ƒe domenyinu ƒe teƒe eve ana Via ŋutsu tsitsitɔ, elabena eyae nye eƒe ŋusẽ ƒe gɔmetoto, eye etɔe nye ŋgɔgbevinyenye ƒe viɖewo katã, togbɔ be eyae nye srɔ̃ si fofoa melɔ̃ o la ƒe ŋutsuvi gbãtɔ ."

Ŋutsuvi dzeaglãwo

18 "Ne viŋutsu sẽto, dzeaglã aɖe le ŋutsu aɖe si, meɖoa to fofoa kple dadaa o, togbɔ be wohea to hafi la, 19 ekema fofoa kple dadaa nakplɔe ayi dumemetsitsiawo gbɔ, 20 agblɔ be, Mía viŋutsu sia sẽa to, dzea aglã, eye mewɔa míaƒe gbe dzi o; gawu la, enye ame vlo kple ahanomunɔ.21 Ekema dua me tɔwo aƒu kpee wòaku. Ne miewɔ alea la, miaɖe nu ̃ sia tɔgbi ɖa le mia dome, eye Israel ɖekakpuiwo katã ase nya si dzɔ eye vɔvɔ̃ aɖo wo.

Se vovovowo

22 "Ne ame aɖe nu si dze na ku, eye wode ka ve la, 23 mele be eƒe ŋutilã kukua natsi kadeveti la ŋuti ŋu nake o. Ele be woaɖii gbe ma gbe ke, elabena Mawu ƒo fi de ame sia ame si woatsi ɖe ati ŋuti. Mègagblẽ ɖo na anyigba si Yehowa, Mawu la na la o."

Veja também