Orgulho
O orgulho é um dos pecados mais condenados na Bíblia. Deus resiste aos soberbos, mas dá graça aos humildes. A humildade é o caminho da honra verdadeira.
Deus resiste ao soberbo
A soberba precede a ruína e o orgulho antecede a queda. Deus abomina o coração altivo e promete humilhar quem se exalta.
Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ
eye ɖokuidodoɖedzi doa ŋgɔ na anyidzedze.
Dadalawo katã nye ŋunyɔnu na Yehowa.
Maka ɖe edzi na wò be,
womagbe tohehe na wo o.
Mɔ aɖe li si le dzɔdzɔe le ame ƒe ŋkume,
ke le nuwuwua la, ekplɔa ame yia ku mee.
Yehowa vɔvɔ̃e nye be nàlé fu vɔ̃,
eya ta metsri dada kple ɖokuidodoɖedzi,
agbe baɖa nɔnɔ kple nya dzodzrowo gbɔgblɔ.
Dada doa ŋgɔ na ŋukpeɖuɖu,
ke ɖokuibɔbɔ hea nunya vɛ.
Dada doa ŋgɔ na ŋukpeɖuɖu,
ke ɖokuibɔbɔ hea nunya vɛ.
Ŋutsu si dana la ɖua ŋukpe,
ke wobua ŋutsu si bɔbɔa eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me.
Ŋutsu si dana la ɖua ŋukpe,
ke wobua ŋutsu si bɔbɔa eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me.
Hafi ame aɖe nadze anyi la,
dada nɔa eƒe dzi me,
ke ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.
Hafi ame aɖe nadze anyi la,
dada nɔa eƒe dzi me,
ke ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.
Yehowa gbãa dadalawo ƒe aƒe ƒua anyi,
ke enana ahosiwo ƒe liƒo nɔa anyi pɛpɛpɛ.
Humildade como caminho
Humilhai-vos diante do Senhor e Ele vos exaltará. A grandeza no Reino vem pelo serviço humilde, não pela autopromoção.
Ke ena amenuveve geɖe mí. Esia ta mawunya gblɔ be,
"Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu,
ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la nu."
Mibɔbɔ mia ɖokui na Aƒetɔ la, ekema ado mi ɖe dzi.
Nɔvi si mele nɔƒe kɔkɔ aɖeke o la neƒo adegbe be wodo ye ɖe dzi. Ke ame si si kesinɔnuwo le la neƒo adegbe be yemenye naneke o, elabena enu ava yi abe seƒoƒo si le gbedzi la ene.
Nenema ke, mi ɖekakpuiwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na ame tsitsiwo. Mido ɖokuibɔbɔ abe awu ene na mia ɖokuiwo, ale be miate ŋu asubɔ mia nɔewo, elabena,
"Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu,
ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la nu."
Eya ta azɔ la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, be ne ɣeyiɣi si wòɖo la de la, wòakɔ mi ɖe dzi. Mitsɔ miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã da ɖe eya amea dzi, elabena eléa be na mi.
Ame sia ame si dina be ye ŋutɔ yeade bubu ye ɖokui ŋu la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si abɔbɔ eɖokui la, woade bubu eŋu."
Miganye ɖokuitɔdilawo o; migawɔ nu be miadze ame bubuwo ŋu o. Mibɔbɔ mia ɖokuiwo, eye mibu ame bubuwo be wonyo wu mi. Tɔnye ko nenyo meganɔ mia me o; ke boŋ mibu ame bubuwo hã ŋuti, eye miatsɔ ɖe le nu si wɔm wole la me.
Mina susu ma ke si nɔ Kristo Yesu hã me la nanɔ miawo hã mia me.
Os perigos do orgulho
O orgulho cega, gera contendas e afasta de Deus. A Escritura adverte contra a soberba da vida e a vã glória mundana.
Elabena nu sia nu si le xexea me la metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ etso xexea me. Nu siawoe nye: ŋutilã ƒe nudzodzro, ŋkubiabiã kple amegbetɔ ƒe dada ɖe nu siwo le esi la dzi.
Eya ta ame siwo buna be nu siawo mate ŋu adzɔ ɖe yewo dzi o la nakpɔ nyuie be womagadze tetekpɔ me o.
Nenye ɖe matsɔ nu sia nu si le asinye la ana ame dahewo, eye matsɔ nye ŋutilã ana be woatɔ dzoe, gake nyemelɔ̃a amewo o la, viɖe aɖeke kura manɔ nu sia ŋu o.
Mawu tia xexemenu maɖinuwo, nu siwo wodo ŋunyɔe kple nu siwo mele ɖeke me o, be wòatsɔ aɖi gbɔ nu si nye nanee, ale be ame aɖeke mate ŋu aƒo adegbe le eŋu le Mawu ƒe ŋkume o.
Mawunya gblɔe be, "Ame sia ame si di be yeaƒo adegbe la naƒoe le nu si Aƒetɔ la wɔ la ko ŋu." Elabena ame si ƒoa adegbe le eya ŋutɔ ƒe dɔwo ŋuti la medzea Aƒetɔ la ŋu o, ke ame si ƒe dɔwɔwɔ ŋu Aƒetɔ la kpɔ ŋudzedze nyui le lae nye dɔwɔla nyuitɔ.
Egagblɔ be, "Nya vlo doa go tso egblɔla ƒe dzi me, eye wòƒoa ɖi ame, elabena ame ƒe dzi mee susu baɖa doa go tsona. Nu baɖawo abe, fieŋuifieŋui alo matrewɔwɔ, fififi, amewuwu, ahasiwɔwɔ ŋubiabiã, ŋutasesẽ, amebeble, makɔmakɔnyenye, ŋuʋaʋã, ameŋugbegblẽ, dada kple movinuwɔna bubuwo. Nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tso miaƒe dziwo me, eye woawoe nye nu siwo ƒoa ɖi mi ale be miedze be miado ɖe Mawu ŋkume o."
Dzre sɔŋ ko dada hena vɛ,
ke nunya tsoa aƒe ɖe ame siwo sea aɖaŋu la gbɔ.
Ɖokuibɔbɔ kple Yehowavɔvɔ̃ hea kesinɔnu,
bubu kple agbe vɛ.
Gblɔ na kesinɔtɔ siwo le xexe sia me la katã be womegada wo ɖokuiwo, eye woaɖo ŋu ɖe woƒe ga si nu ava yi kpuie la ŋuti o; ke boŋ woƒe dada kple ŋuɖoɖo nanɔ Mawu gbagbe si naa nu siwo katã míehiã na míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ la mí fũu ɖeɖe ko ŋu.
O olhar de Deus
O Senhor não olha como o homem. Ele vê o coração e se agrada dos quebrantados de espírito e dos que tremem diante da sua Palavra.
Ke Yehowa gblɔ na Samuel be, "Mègakpɔ eƒe dzedzeme alo eƒe atsudzɔdzɔ o elabena megbee. Yehowa mekpɔa nu si amewo kpɔna la o. Amegbetɔ kpɔa nuwo ƒe gota ƒe dzedzeme, ke Yehowa ya kpɔa ame ƒe dzime."
"Mèganɔ nu ƒom dadatɔe nenema o,
elabena Yehowae nye Mawu si nya nu sia nu
eye wòdaa miaƒe nuwɔnawo kpɔna.
Menye nye asie wɔ esiawo katã,
eye wova dzɔ oa?"
Yehowae gblɔe.
"Esiae nye ame si mebuna;
ame si bɔbɔ eɖokui,
da ahe le gbɔgbɔ me,
eye ne ese nye nya la,
wòdzona nyanyanya.
Ke azɔ la, nye Nebukadnezar, mekafu Dziƒo fia la, medoe ɖe dzi eye mede bubu eŋu elabena nu sia nu si wòwɔna la nɔa dzɔdzɔe eye eƒe mɔwo katã le eteƒe. Ame siwo zɔna dadatɔe la, etea ŋu bɔbɔa wo ɖe anyi.
Israel fia Ahab ɖo eŋu be, "Miyi ɖagblɔ na Fia Ben Hadad be, ‘Ame si le aʋa wɔ ge la maƒo adegbe o, ke ame si wɔ aʋa ɖu dzi la koe aƒo adegbe!’ "
Miwɔ dɔ kple mia nɔewo dzidzɔtɔe. Migado mia ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo o. Migadze agbagba be yewoadze amegãwo ŋu o, ke boŋ mide ha kple ame gblɔewo. Migabu be yewonya nu sia nu o.
Ke Gbɔgbɔ la ƒe kutsetsee nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔɖi, dɔmenyowɔwɔ, nyuiwɔwɔ, nuteƒewɔwɔ, tufafa kple ɖokuidziɖuɖu. Se la metsi tsitre ɖe nu siawo ŋuti o.