Pais
Deus é nosso Pai celestial — amoroso, provedor, disciplinador e fiel. As Escrituras também honram os pais terrenos e os chamam a criar os filhos na instrução do Senhor.
O Pai celestial
Deus é Pai de misericórdias. Ele nos adotou como filhos, nos ama incondicionalmente e cuida de cada detalhe da nossa vida.
Agbenɔnɔ abe Mawu viwo ene
Mikpɔ ale si gbegbe Fofo la lɔ̃a mí ɖa be woayɔ mí be Mawu viwo. Nyateƒe, Mawu viwoe míenye. Nu si ta xexemetɔwo menya mí o lae nye be womenya eya amea o.
Agbenɔnɔ abe Mawu viwo ene
Mikpɔ ale si gbegbe Fofo la lɔ̃a mí ɖa be woayɔ mí be Mawu viwo. Nyateƒe, Mawu viwoe míenye. Nu si ta xexemetɔwo menya mí o lae nye be womenya eya amea o.
Elabena Gbɔgbɔ si miexɔ la mewɔ mi mienye kluviwo, be miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke boŋ Gbɔgbɔ si miexɔ la na vinyenye ƒe ŋusẽ mi, esime míedo ɣli be, "Abba, Fofo." Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ la ŋu be Mawu viwo míenye.
Ke ame siwo katã xɔe, eye woxɔ eƒe ŋkɔ dzi se la, ena ŋusẽ wo be woazu Mawu ƒe viwo,
Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, mía Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo,
Abe ale si fofo ƒe dɔ me trɔna ɖe viawo ŋuti ene la,
nenemae Yehowa kpɔa nublanui na ame siwo vɔ̃nɛ,
Abe ale si fofo ƒe dɔ me trɔna ɖe viawo ŋuti ene la,
nenemae Yehowa kpɔa nublanui na ame siwo vɔ̃nɛ,
elabena enya ale si wowɔ mí,
eye eɖo ŋku edzi be ʋuʋudedi ko míenye.
eya ame si nye tɔ na tɔmanɔsitɔwo,
ahosiwo ta ʋlila, eye wònye Mawu si le enɔƒe kɔkɔe la.
gake hã la, o Yehowa,
wòe nye mía Fofo.
Míawo la, anyie mienye
eye wòe nye zemela.
Mí katã mienye wò asinudɔwɔwɔwo.
gake wòe nye mia Fofo,
togbɔ be Abraham menya mí
alo Israel nayi si dze ge mi o hã la,
wò, o, Yehowae nye mia Fofo,
mía Ɖela tso gbe aɖe gbe kee nye wò ŋkɔ.
elabena wodzi vi na mí, wona ŋutsuvi mí.
Dziɖuɖu le eƒe abɔta,
eye woda fianyenye ƒe bubuŋkɔwo ɖe edzi be,
"Nukunu, Aɖaŋudela, Mawu Kalẽtɔ,
Fofo Mavɔ kple Ŋutifafafia."
elabena wodzi vi na mí, wona ŋutsuvi mí.
Dziɖuɖu le eƒe abɔta,
eye woda fianyenye ƒe bubuŋkɔwo ɖe edzi be,
"Nukunu, Aɖaŋudela, Mawu Kalẽtɔ,
Fofo Mavɔ kple Ŋutifafafia."
O cuidado paterno de Deus
O Pai celestial sabe do que precisamos antes de pedirmos. Ele dá boas dádivas aos filhos que pedem e cuida até dos passarinhos.
Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa; womeƒãa nu alo ŋea nu alo ƒoa nu nu ƒu ɖe avawo me o. Ke mia Fofo si le dziƒo la naa nuɖuɖu wo. Ɖe mi amegbetɔwo miexɔ asi sãa wu dziƒoxeviwo oa?
Nenie nye akpakpa ɖeka ƒe home? Menye sidi ɖeka pɛ koe oa? Ke wo dometɔ ɖeka pɛ hã meli si dzena ɖe anyigba dzi si mia Fofo la mekpɔna o. Miaƒe taɖa katã gɔ̃ hã ƒe xexlẽme le nyanya me na Mawu, eya ta migavɔ̃ o; miawo la, miexɔ asi na Mawu tsɔ wu atsutsrɔewo.
Ne èbe yeado gbe ɖa la, yi ɖe wò xɔ me nàtu ʋɔa, eye nàdo gbe ɖa na Fofowò, ame si womekpɔna o la, ekema Fofowò, ame si kpɔa nu si wowɔna le bebeme la, atu fe na wò.
Ke ne miawo mietsi nu dɔ la, midzra mia ɖokui ɖo nyuie abe ɖe miele naneke wɔm o ene, ale be ame aɖeke maganya be mietsi nu dɔ o, negbe mia Fofo si womekpɔna o, gake eya kpɔa nu sia nu si wowɔna le bebeme la axe fe na mi.
"Mi ame siwo nye vi fofowo ɖe, nenye be viwò bia tɔmelã ɖe, dalãe nàtsɔ nɛa? Alo ne ebia koklozi ɖe, ahɔ̃e nàtsɔ nɛa? Gbeɖe miewɔa esia o!
"Azɔ nenye be mi ame siwo nye nu vɔ̃ wɔlawo mienaa nu nyui mia viwo la, ɖe mienya be mia Fofo si le dziƒo la anyo dɔ me, ana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame siwo biae la oa?"
Eya ta migavɔ̃ o, mi alẽha sue sia, elabena edzɔ dzi na mia Fofo si le dziƒo la ŋutɔ be wòatsɔ fiaɖuƒe la na mi.
Nunana nyui kple nunana deblibo ɖe sia ɖe la, dziƒo wòtsona, tso dziƒokekeli ƒe Fofo la gbɔ, ame si metrɔna abe ale si vɔvɔli trɔna ene o.
Ame si meve eya ŋutɔ Via nu o, ke boŋ wòtsɔe na ɖe mí katã ta la, ɖe matsɔ nu bubu ɖe sia ɖe hã ana mí oa?
Conhecer o Pai
Jesus é o caminho para o Pai. Ninguém conhece o Pai senão o Filho e aquele a quem o Filho quiser revelar.
Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Nyee nye Mɔ la, Nyateƒe la kple Agbe la. Ame aɖeke mate ŋu ayi Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.
Fofonye ƒe aƒe me la, xɔ geɖewo li, ne ɖe mele nenema o la, ne megblɔe na mi. Meyina afi ma, be madzra teƒe ɖo ɖi na mi.
Mawɔ nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ dzi la na mi ale be Vi la nakɔ Fofo la ŋuti.
Ame si wɔna ɖe nye nyawo dzi la, eyae lɔ̃am. Ame si lɔ̃am la, Fofonye hã alɔ̃e, nye hã malɔ̃e, eye maɖe ɖokuinye afiae."
Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Ame si lɔ̃m la awɔ ɖe nye nufiafia dzi. Fofonye hã alɔ̃e, eye nye kple Fofonye míava egbɔ, eye míawɔ nɔƒe ɖe egbɔ.
Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, ame si nye Via ɖeka hɔ̃ɔ la, ame si nɔ anyi ɖe Fofo la ƒe axadzi la, eyae ɖee fia mí.
Mena agbe mavɔ wo, eye womatsrɔ̃ gbeɖe o; ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le asinye sesẽtɔe o, elabena Fofonye, ame si tsɔ wo nam la nye gã wu ame sia ame; ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le Fofonye si sesẽtɔe o. Nye kple Fofonye la, ame ɖekae míenye."
"Fofo, medi be ame siwo nètsɔ nam la nanɔ gbɔnye be woakpɔ nye ŋutikɔkɔe. Wòe na ŋutikɔkɔe siam, elabena èlɔ̃m vevie hafi xexea me va dzɔ.
Egblɔ yi edzi be, "Fofonye tsɔ nu siwo katã nye nyateƒe la de asi nam. Fofo la koe nya ame si ƒomevi Vi la nye, eye Vi la kple ame siwo Vi la ɖee fia la koe nya Fofo la."
Eya ta mizu blibo abe ale si mia Fofo si le dziƒo la le bliboe ene."
"Migana woayɔ mi be ‘Rabi’ o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe Nufiala, eye mi katã la nɔviwo mienye. Migayɔ ame aɖeke le anyigba dzi afi sia be ‘fofo’ o, elabena ‘Fofo’ ɖeka koe le mia si, eyae le dziƒo.
Alo mènya be mate ŋu abia Fofonye, eye wòana mawudɔla akpeakpewo mí be woadzɔ mía ŋu oa?
"Mizu nublanuikpɔlawo abe ale si mia Fofo hã nye nublanuikpɔla ene.
Ŋutikɔkɔe woana mía Mawu Fofo la, tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen.
Disciplina e amor paterno
O Pai disciplina os filhos que ama. A correção divina produz fruto de justiça e paz para aqueles que foram exercitados por ela.
Mito fukpekpe me abe miaƒe hehe ƒe akpa aɖe ene, elabena Mawu le mia hem abe via ŋutsuwo ene, elabena viŋutsu kae li ame si fofoa mehea to na o? Ame sia ame toa hehe te, eya ta ne miawo mieto hehe te o la, ekema mienye viŋutsuvi vavãwo o, ke boŋ mienye ahasiviwo. Gawu la, anyigbadzifofowo le mía si, ame siwo naa hehe mí, eye míetsɔ bubu na wo ɖe eta. Ke hã la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe mía Fofo gbɔgbɔmetɔ te ɣe sia ɣi be míanɔ agbe! Míaƒe anyigbadzifofowo hea to na mí hena ɣeyiɣi kpui aɖe abe ale si wònyo na woe ene, gake Mawu ya hea to na mí hena míaƒe nyonyo be míakpɔ gome le eƒe kɔkɔenyenye me.
Vinye, mègado vlo Yehowa ƒe amehehe o
eye mègagbe eƒe mokaname o
elabena Yehowa ɖɔa ame siwo wòlɔ̃ la ɖo
abe ale si fofo wɔna na vi si ƒe nu dzea eŋu la ene.
Vinye, mègado vlo Yehowa ƒe amehehe o
eye mègagbe eƒe mokaname o
elabena Yehowa ɖɔa ame siwo wòlɔ̃ la ɖo
abe ale si fofo wɔna na vi si ƒe nu dzea eŋu la ene.
Pais terrenos
A Bíblia honra os pais que criam os filhos nos caminhos de Deus. Honrar pai e mãe é mandamento com promessa de vida longa.
Ɖeviwo kple dzilawo
Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe. "Bu fofowò kple dawò," esiae nye sedede gbãtɔ si ŋuti ŋugbedodo kpe ɖo, "be wòadze edzi na wò nyuie, eye nànɔ agbe didi le anyigba dzi."
Mi fofowo la, migado dɔmedzoe na mia viwo o, ke boŋ mihe wo, eye miafia nu wo le Aƒetɔ la me.
Mi fofowo la, migado dɔmedzoe na mia viwo o, ke boŋ mihe wo, eye miafia nu wo le Aƒetɔ la me.
Bu fofowò kple dawò be nànɔ agbe didi le anyigba si Yehowa, wò Mawu la ana wò la dzi.
Nuxɔxlɔ̃ amewo le ha baɖa dede ŋuti
Vinye, ɖo to fofowò ƒe nuxɔxlɔ̃
eye mègagbe nu le dawò ƒe nufiame gbɔ o.
Anye seƒoƒokuku aɖo atsyɔ̃ na wò ta
kple kɔga anɔ kɔwò.
Ame dzɔdzɔe fofo atso aseye geɖe
eye ame si si vi nyanu le la akpɔ dzidzɔ le eŋu.
Bometsila doa vlo fofoa ƒe amehehe,
ke ame si xɔa ɖɔɖɔɖo la, nunyalae.
Ame si ku amegã la ƒe fiakukue nye viawo ƒe viwo
eye dzilawo nye atsyɔ̃ na wo viwo.
Ne ŋutsu do ɖiŋu na fofoa alo dadaa la,
woatsi eƒe akaɖi ne ele viviti tsiɖitsiɖi me.
Mi ɖeviwo la, ele be miabu mia fofowo kple mia dadawo ɣe sia ɣi, elabena esiae dze Aƒetɔ la ŋu. Mi fofowo la, miganɔ nya hem ɖe mia viwo ŋuti ale gbegbe be dzi naɖe le wo ƒo be woadzudzɔ agbagbadzedze o.
Viŋutsuwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ,
eye viwo nye fetu tso eya amea gbɔ.
Viŋutsu siwo ame aɖe dzi le eƒe ɖekakpuime la,
le abe aŋutrɔ le kalẽtɔ si ene.
Woayra ŋutsu si ƒe daku me wole fũu.
Ŋu makpe wo o,
ne woawo kple futɔwo wɔ avu le agbo la me.
Ame gbagbewo koe akafu wò
abe ale si mele wɔwɔm egbe ene,
eye fofowo agblɔ wò nuteƒewɔwɔ na wo viwo.
Sewo le tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ŋuti
"Womawu fofowo ɖe wo viwo ƒe nu vɔ̃wo ta o, eye nenema ke womawu viwo ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta o. Woawu ame sia ame ɖe eya ŋutɔ ko ƒe nu vɔ̃ ta.
Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã tsɔ dzigbɔɖi kple mɔkpɔkpɔ le Mawu viwo ƒe ɖeɖefia la lalam.
Meŋlɔe na mi, fofowo,
Elabena mienya eya ame si nɔ anyi tso gɔmedzedzea me ke.
Meŋlɔe na mi, ɖekakpuiwo,
Elabena mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.
Meŋlɔe na mi, vinye lɔlɔ̃awo,
Elabena mienya Fofo la.
Meŋlɔe na mi, fofowo,
Elabena mienya eya ame si nɔ anyi tso gɔmedzedzea me ke.
Meŋlɔe na mi, ɖekakpuiwo,
Elabena miesẽ ŋu,
Mawu ƒe nya la le mia me,
Eye mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.
Migalɔ̃ xexea me o
Migalɔ̃ xexea me kple nu siwo le eme la o. Ne ame aɖe lɔ̃ xexea me la, ekema melɔ̃a Fofo la o.