Publicidade

Isaías 64

Gbedodoɖa hena ɖeɖekpɔkpɔ dzi yiyi

1 O, esi nàhadze dziƒowo me aɖi ava anyi,

be towo nadzo kpekpekpe le ŋkuwò me!

2 Abe ale si nake léa dzoe,

eye wònaa tsi fiena wlɔwlɔwlɔ ene la,

nenema ke nàɖi va, ana ketɔwo nanya ŋkɔ,

eye dukɔwo nadzo nyanyanya le ŋkuwò me,

3 elabena esime nèwɔ nu dziŋɔ

siwo míekpɔ na o la,

èɖiɖi va anyi,

eye towo dzo kpekpekpe le ŋkuwò me.

4 Tso blema ke, ame aɖeke mesee o,

to aɖeke mesee o,

ŋku aɖeke mekpɔ Mawu bubu aɖeke kpe ɖe ŋuwò,

esi kpena ɖe ame siwo le kpɔm la ŋu o.

5 Èkpena ɖe ame siwo wɔa nu dzɔdzɔe dzidzɔtɔe,

eye wòɖoa ŋku mɔwo dzi la ŋuti,

ke esi míegale nu ̃ wɔwɔ dzi ɖe ŋuwò la,

èkpɔ dziku, eya ta aleke míawɔ akpɔ ɖeɖe?

6 katã míele abe ame makɔmakɔwo ene,

eye míaƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo katã

le abe ɖovu ƒoɖi ene.

katã míeyrɔ abe aŋgba ene,

eye míaƒe nu ̃wo mi ɖe nu hoo abe ya ene.

7 Ame aɖeke meyɔa ŋkɔ

alo dzea agbagba be wòaku ɖe ŋuwò o,

elabena èɣla mo ɖe , eye le míaƒe nu ̃wo ta la,

èna míevɔ le eme keŋkeŋ,

8 gake la, o Yehowa,

wòe nye mía Fofo.

Míawo la, anyie mienye

eye wòe nye zemela.

katã mienye asinudɔwɔwɔwo.

9 O! Yehowa, mègado dziku wòatso eme o.

Mègaɖo ŋku míaƒe nu ̃wo dzi ɖaa o.

O, nye nàkpɔ mi ɖa, mieɖe kuku,

elabena katã míenye amewo.

10 du kɔkɔewo zu gbegbe,

Zion ̃ zu gbegbe, eye Yerusalem zu aƒedo.

11 Wotɔ dzo míaƒe gbedoxɔ kɔkɔe dzeani

si me mia fofowo kafu le,

eye nu siwo katã ŋuti

míede asixɔxɔe la gblẽ.

12 O, Yehowa, le nu siawo katã megbe la,

ɖe nàgade megbe tso mía ŋua?

Ɖe nàzi kpi ahe to na wu ale si hiã?

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-