Poder de decisão
Deus nos deu o poder de escolher. A Bíblia mostra que nossas decisões têm consequências eternas e nos chama a escolher sabiamente — a vida, a fé e o caminho de Deus.
A responsabilidade de escolher
Escolhei hoje a quem servireis. Cada decisão molda nosso destino, e Deus nos convida a escolher o caminho da vida e da obediência.
Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia ame si miasubɔ la egbea! Ɖe miasubɔ mia tɔgbuiwo ƒe mawu siwo wosubɔ le Frat tɔsisi la godo loo alo Amoritɔwo ƒe mawuwo le anyigba sia dzia? Ke nye kple nye aƒe ya, míasubɔ Yehowa!"
Yosua yi edzi be, "Miawo ŋutɔ miese nu si miegblɔ. Mielɔ̃ be yewoasubɔ Yehowaa?"
Woɖo eŋu be, "Ɛ̃, míenye ɖasefowo."
Eya ta Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, "O! Israel ƒe aƒe, esia ta madrɔ̃ ʋɔnu mi, ame sia ame ɖe eƒe mɔwo nu. Mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe dzidadawo katã ŋuti, ekema nu vɔ̃ manye miaƒe anyidzedze o. Miɖe miaƒe nu vɔ̃ siwo katã miewɔ la ɖa le mia ɖokuiwo ŋu, eye miaxɔ dzi yeye aɖe kple gbɔgbɔ yeye aɖe. Nu ka ta miaku, O! Israel ƒe aƒe? Elabena nyemekpɔa dzidzɔ le ame aɖeke ƒe ku ŋuti o. Mitrɔ dzi me ne mianɔ agbe. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
Menya wò nyuie be mèfa o, eye mèxɔ dzo hã o. Madi be nàfa alo nàxɔ dzo hafi! Ke esi nèle evedome si alea ta la, matu wò aƒu gbe tso nye nu me!
Decisões e consequências
Deus retribuirá a cada um segundo as suas obras. As Escrituras nos alertam que a mornidão espiritual e a resistência ao Espírito têm consequências sérias.
Mawu adrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ku ɖe eƒe dɔwɔwɔ ŋu. Ana agbe mavɔ ame sia ame si tsɔa dzidodo wɔa nu nyui eye wòdia ŋutikɔkɔe kple bubu kple agbe mavɔ si Mawu nana. Ke ahe to na ɖokuitɔdilawo kple ame siwo tsia tsitre ɖe eƒe nyateƒe la ŋu eye wowɔa nu vɔ̃. Mawu atrɔ eƒe dɔmedzoe akɔ ɖe wo dzi.
"Mi tosesẽtɔ siawo, ɖe wòle be miasẽ dzime atsi tsitre ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu ɣe sia ɣia? Ɛ̃, Alea tututu mia tɔgbuiwo wɔe nye esi, eye eya ƒomevi ko wɔm miawo hã miele.
Eya ta dzi megaɖe le mia ƒo o, elabena miaƒe dzideƒo ahe fetu geɖe vɛ na mi. Ele be miado vevie, ale be ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, miaxɔ nu si ƒe ŋugbe wòdo la. Elabena le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la,
"Ame si gbɔna la ava ɖo,
eye matsi megbe o.
Ke nye dzɔdzɔetɔ la anɔ agbe to xɔse me.
Ke ne ede megbe la,
nyemakpɔ dzidzɔ le eŋuti o."
Ke míawo ya míele abe ame siwo de megbe, eye wotsrɔ̃ la ene o, ke boŋ míenye ame siwo xɔe se, eye míekpɔ ɖeɖe.
Decisão e fé
Decida com fé, entregue seus planos ao Senhor e aja com determinação. Deus guia os passos de quem se achega a Ele de coração.
Wolɔa hotsui ɖe akɔ hetsɔna kaa nui,
ke nyametsotso ɖe sia ɖe tso Yehowa gbɔ.
Nu geɖewo ame ɖo ɖe eƒe dzi me,
gake Yehowa ƒe ɖoɖo koe vaa eme.
Tsɔ nu sia nu si nèwɔna la de Yehowa ƒe asi me,
ekema wò ɖoɖowo adze edzi na wò.
Esi Aƒetɔ Yehowa, kpena ɖe ŋunye ta la,
ŋu makpem o,
eya ta mewɔ nye mo wòse abe hlihakpe ene,
eye menya be ŋu makpem o.
Ne ame aɖe di be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, akpɔe be nye nufiafia tso Mawu gbɔ loo alo enye nye ŋutɔ nye nyawo.
Woanye nye dukɔ eye nye hã manye woƒe Mawu. Mana dzi ɖeka wo eye woƒe afɔɖeɖewo hã anɔ ɖeka ale be woavɔ̃m ɣe sia ɣi hena woawo ŋutɔwo kple wo vi siwo ava xɔ ɖe wo teƒe la ƒe nyui.
Petro ɖo eŋu na wo be, "Mitrɔ dzi me ne woade mawutsi ta na mi le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me, be woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. Ekema miawo hã miaxɔ nunana sia, si nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.
Eya ta mibɔbɔ mia ɖokuiwo ɖe Mawu te. Mitsi tsitre sesĩe ɖe Abosam ŋuti, ekema asi le mia nu. Mite ɖe Mawu ŋu kpokploe, eye eya hã atsɔ ɖe mia gbɔ. Mi, nu vɔ̃ wɔlawo, miklɔ miaƒe asiwo, eye mi ame siwo nye dzi eve me susulawo la, miklɔ miaƒe dziwo me.