Sacrifício
O sacrifício é o coração do evangelho. Jesus entregou tudo por nós na cruz, e somos chamados a oferecer nossas vidas como sacrifício vivo, agradável a Deus.
O sacrifício supremo de Cristo
Jesus deu a própria vida como resgate por muitos. Seu sacrifício na cruz é o ato supremo de amor de toda a história — o Justo morrendo pelos injustos.
elabena Amegbetɔ Vi la meva be ame aɖeke nasubɔ ye o. Ke boŋ be wòasubɔ amewo, eye be yeatsɔ yeƒe agbe ana ɖe ame geɖewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta."
Ele be miaƒe nuwɔna nanɔ abe tɔnye ene, elabena Nye Amegbetɔ Vi la, nyemeva be woasubɔm o, ke boŋ ɖe meva be masubɔ amewo, eye matsɔ nye agbe ana ɖe ame geɖewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta."
hegblɔ nu siwo ava dzɔ ɖe edzi nenye be woɖo Yerusalem la na wo.
Egblɔ na wo be, "Woadem asi na Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple sefialawo, eye woatso kufia nam. Woatsɔm ade asi na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye amewo aɖu fewu le ŋunye. Woaklãm ɖe atitsoga ŋu maku, gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mafɔ."
Woɖe eƒe awu siwo wòdo la le eŋuti, eye wotsɔ awu dzĩ do nɛ, eye wotsɔ ŋu didi aɖewo wɔ fiakuku heɖɔ nɛ, eye wotsɔ fiatikplɔ hã de eƒe nuɖusime me. Wodzea klo ɖe eŋkume fewuɖutɔe, eye wogblɔna be, "Míedo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe fia."
Yesu do ɣli sesĩe le gaƒoƒo sia me gblɔ be, "Fofo, metsɔ nye gbɔgbɔ de asiwò me." Esi wògblɔ nya siawo vɔ ko la, emia nu kpoo.
Lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si ame ate ŋu aɖe afia nɔvia lae nye be wòatsɔ eƒe agbe ana ɖe exɔlɔ̃wo ta.
Kpɔ ɖa, le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, esi míeganye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ko la, Kristo va ku ɖe ame mavɔ̃mawuwo ta.
O cordeiro sem defeito
Cristo nos resgatou com seu sangue precioso, como cordeiro sem defeito. Ele se ofereceu uma vez por todas para tirar os pecados do mundo.
Elabena mienya bena menye sika kple klosalo si gblẽna lae wotsɔ xe fe ɖe mia ta heɖe mi tso agbe vlo si mia fofowo gblẽ ɖi na mi la me o, ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi, ame si nye alẽvi si ŋuti mokaka kple kpɔtsɔtsɔ mele o.
nenema ke wotsɔ Kristo hã sa vɔe zi ɖeka be wòaɖe ame geɖewo ƒe nu vɔ̃ ɖa, eye agava zi evelia menye be wòagava ɖe nu vɔ̃ ɖa o ke boŋ be wòahe ɖeɖe vɛ na ame siwo katã le elalam.
ekema Kristo, ame si to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu fɔɖiɖimanɔmee la ƒe ʋu aklɔ míaƒe dzitsinyawo ŋuti tso nu siwo hea ku vanɛ la me wu, ale be míate ŋu asubɔ Mawu gbagbe la.
Ke ne míezɔ le kekeli me abe ale si eya hã le kekeli me ene la, ekema míebɔ ha kple mia nɔewo, eye Yesu Kristo si nye Via ƒe ʋu aklɔ míaƒe nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋuti.
Elabena metsɔ nu si mexɔ la de asi na mi, abe nu gbãtɔ si le vevie ene be Kristo ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be wòaku ene. Woɖii eye le ŋkeke etɔ̃ megbe la, efɔ tso yɔdo la me abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gblɔe ene.
eye minɔ agbe le lɔlɔ̃ me abe ale si Kristo lɔ̃ mí hetsɔ eɖokui na ɖe mía ta abe nunana kple vɔsa si le ʋeʋẽm lĩlĩlĩ na Mawu la ene.
Ame si tsɔ eɖokui na ɖe mía ta be yeaɖe mí tso vɔ̃ɖinyenye katã me, be wòakɔ mía ŋuti na eɖokui, ame siwo nye eya ŋutɔ tɔ, eye wole klalo be woawɔ nu si nyo la.
Nosso sacrifício em resposta
Movidos pelo amor de Cristo, somos chamados a oferecer nossas vidas, nossos bens e nosso serviço como sacrifício vivo. Deus se agrada da entrega generosa.
Migatsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa aɖeke wɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye ƒe dɔwɔnu na nu vɔ̃ o, ke boŋ mitsɔ mia ɖokuiwo na Mawu abe ame siwo wogbɔ agbe tso ku me ene; eye mitsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa ɖo anyi nɛ abe dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwɔnu ene.
Ame si di be yeaɖe yeƒe agbe la, atsrɔ̃e. Ke ame si tsrɔ̃ eƒe agbe ɖe tanye la, aɖee boŋ.
De bubu Yehowa ŋu kple wò kesinɔnuwo
kple wò agblemenukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo,
Nu dzɔdzɔe kple nu si
le eteƒe wɔwɔ doa dzidzɔ na Yehowa wu vɔsa.
Ke miyi miasrɔ̃ nu si gblɔm mawunya sia le la be, ‘Nublanuikpɔkpɔe medi, ke menye vɔsa o.’ Nyemeva be mayɔ ame dzɔdzɔewo o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo."
Ke nye la, matsɔ akpedaha asa vɔe na wò,
eye maxe nye adzɔgbeɖefe na wò,
elabena Yehowa gbɔe ɖeɖe tsona."
Ame si meve eya ŋutɔ Via nu o, ke boŋ wòtsɔe na ɖe mí katã ta la, ɖe matsɔ nu bubu ɖe sia ɖe hã ana mí oa?
Egblɔ be, "Aba, Fofo, nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe na wò. Na kplu sia nato nunye ayi, ke menye nu si nye ŋutɔ medi o, ke boŋ wò lɔlɔ̃nu nava eme."
Ke viɖe aɖeke mele nye agbe ŋu o, negbe ɖeko mewɔ eŋuti dɔ tsɔ wɔ dɔ si Aƒetɔ Yesu de asi nam la. Dɔ lae nye be magblɔ nyanyui la na amewo le Mawu ƒe amenuveve gã ŋuti.