Publicidade

Todo poderoso

Por Bíblia Online

Deus é Todo-Poderoso — onipotente, onisciente e onipresente. Nada está além do seu alcance, nada escapa ao seu conhecimento e nada foge ao seu controle soberano.

O poder soberano de Deus

O Senhor reina sobre todas as coisas. Desde a criação do universo até os detalhes da nossa vida, seu poder se manifesta de forma absoluta e inesgotável.

"O, Aƒetɔ Yehowa, wòe tsɔ ŋusẽ triakɔ kple abɔ si le dzi la dziƒo kple anyigbae. Naneke mesesẽ na akpa o.

"Nyee nye Yehowa, amegbetɔwo katã ƒe Mawu. Ɖe nane sesẽ nam akpa?

Gãe nye Yehowa, eye eya koe dze na kafukafu,

elabena ame aɖeke mate ŋu anya

eƒe gãnyenye ƒe goglome o.

Tɔwòe nye ŋusẽ, ŋutikɔkɔe,

dziɖuɖu kple gãnyenye.

Oo, Yehowa, tɔwòe nye nu sia nu si le dziƒo kple anyigba dzi,

míekafu be nu sia nu le dzikpɔkpɔ te.

ɖeka gbɔ ko kesinɔnuwo kple bubu tsona;

wòe nye amegbetɔƒomea dziɖula.

Asiwòmee gãnyenye kple ŋusẽ le

eye wòe naa gãnyenye kple ŋusẽ ame.

Elabena tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me la, Mawu ƒe nɔnɔme siwo womekpɔna kple ŋku o, esiwo nye eƒe ŋusẽ mavɔ kple eƒe mawunyenye la me na wo ƒãa. Wose esia gɔme to eƒe nuwɔwɔwo me, be taflatsedodo naganɔ ame aɖeke si o.

Nada é impossível para Deus

Para Deus não há impossíveis. O que parece inalcançável aos nossos olhos é plenamente realizável nas mãos do Todo-Poderoso.

Elabena ŋugbe ɖe sia ɖe si Mawu do la ava me pɛpɛpɛ."

Egblɔ be, "Aba, Fofo, nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe na . Na kplu sia nato nunye ayi, ke menye nu si nye ŋutɔ medi o, ke boŋ lɔlɔ̃nu nava eme."

Yehowa ɖoa ahedada ɖa

eye eya kee gaɖoa hokpɔkpɔ ɖa;

eyae bɔbɔa ame ɖe anyi eye

eya kee gadoa ame ɖe dzi.

Eyae ɖea nu detowo kple nu ɣaɣlawo fiana

Enyaa nu si ɣla ɖe viviti me

Eye kekeli nɔa eŋu.

O Rei eterno

Deus é o Rei eterno, imortal, invisível, único Deus sábio. Seu trono é desde a eternidade e seu reino não terá fim.

"Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu, ame si anyi, eye wòli, eye wògale vava ge, ame si nye Ŋusẽkatãtɔ." Aƒetɔ Mawue gblɔe.

Ŋutikɔkɔe kple bubu woana Mawu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Eyae nye Fia tso blema ke, eye wònye Mawu makumakua si womekpɔna o, eye wòyɔ fũu kple nunya. Eya ɖeka koe nye Mawu. Amen.

Anyigba kple nu siwo katã edzi,

xexea me kple emenɔlawo katã nye Yehowa .

O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ, gaɖo te;

na mo nàklẽ ɖe mía dzi be míakpɔ xɔxɔ.

Refúgio no Todo-Poderoso

O poder de Deus é nosso abrigo. Em tempos de tempestade, podemos descansar na certeza de que Ele sustenta e protege os seus.

Ame si Dziƒoʋĩtɔ la ƒe bebeƒe la

agbɔ ɖe eme le Ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te.

Magblɔ na Yehowa be, "Eyae nye nye sitsoƒe kple nye sesẽ,

nye Mawu si ŋu meku ɖo."

O! Yehowa, hafi nya aɖe nava nye aɖe dzi la,

ènya nya la katã xoxo.

Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la

Mlɔeba la, misẽ ŋu le Aƒetɔ la me kple Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ triakɔ si le mia me la.

Elabena menyae keŋ be eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye gbɔgbɔ ̃wo o; eɖanye nu siwo li fifia o, eɖanye nu siwo le vava ge o, eɖanye ŋusẽwo o, eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, womate ŋu ama ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ me la gbɔ o.

Vinye lɔlɔ̃awo, miawo ya la, mienye Mawu viwo, eye mieɖu aʋatsonyagbɔɖila siawo dzi; elabena Gbɔgbɔ si le mia me la tri akɔ wu esi le xexea me.

Mayra wo kpe ɖe teƒe siwo ƒo xlã nye to la ŋu. Mana tsi nadza le tsidzaɣi, yayra ƒe agbafie anɔ anyi.

Seja o primeiro
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-