Publicidade

Vida

Por Bíblia Online

A vida é um dom precioso de Deus. Desde a concepção até a eternidade, as Escrituras revelam o propósito, o valor e a plenitude da vida que o Senhor nos oferece.

Deus, o autor da vida

O Senhor é quem dá a vida e a sustenta. Cada ser humano foi formado por suas mãos com propósito e intenção divina.

Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi me amegbetɔ, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔtime, eye wòzu luʋɔ gbagbe.

Elabena wòe nye ememe ke;

eye nèlém ƒo ƒu ɖe danye ƒe me.

Mekafu , elabena èwɔm ŋɔdzitɔe kple nukutɔe.

dɔwɔwɔwo nye nukunu,

menya esia nyuie.

Nye ameti blibo la, mele ɣaɣla ɖe o,

esi nèwɔm le ɣaɣlaƒe.

Esi wolɔ̃m ɖe wo nɔewo me

le anyigba ƒe gogloƒe la,

ŋkuwo kpɔ ale si menye ʋukɔe.

Ŋkeke siwo katã woɖo nam la,

woŋlɔ wo ɖe agbalẽ me

hafi ŋkeke gbãtɔ dze egɔme.

Elabena gbɔwòe agbe ƒe tsitsetse la le,

eye kekeli mee míekpɔa kekeli le.

Madzi ha na Yehowa le nye agbemeŋkekewo katã me,

eye zi ale si mele agbe la,

madzi kafukafuha na nye Mawu la.

A vida em Cristo

Jesus é o caminho, a verdade e a vida. Nele encontramos sentido, plenitude e a promessa de vida abundante e eterna.

Yesu ɖo eŋu be, "Nyee nye la, Nyateƒe la kple Agbe la. Ame aɖeke mate ŋu ayi Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.

Fiafitɔ la vana be yeafi fi, awu ame, agblẽ nu. Ke nye la, meva be woakpɔ agbe si de blibo la.

Yesu gblɔ be, "Nyee nye Tsitretsitsi la kple Agbe la. Ame si xɔa dzinye sena la, togbɔ be aku la, aganɔ agbe; eye ame si le agbe, eye wòxɔ dzinye se la maku gbeɖe o. Èxɔ nya siawo dzi sea?"

Yesu gblɔ be, "Nyee nye agbebolo la. Ame si ava gbɔnye la, magawui akpɔ o, eye ame si dzinye se la, tsikɔ magawui gbeɖe o.

Elabena mawunya gblɔ be, Ame si dzinye se la, tɔsisi si nye agbetsi la anɔ dzidzim tso eya amea me.’ "

Woklã nye kple Kristo ɖe ati ŋu, eye meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristoe le agbe le menye. Agbe si mele fifia le ŋutilã me la, mele agbe la to Mawu ƒe Vi la dzixɔse me, ame si ̃m, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe tanye.

Woklã nye kple Kristo ɖe ati ŋu, eye meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristoe le agbe le menye. Agbe si mele fifia le ŋutilã me la, mele agbe la to Mawu ƒe Vi la dzixɔse me, ame si ̃m, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe tanye.

Vivendo com sabedoria

A Bíblia nos orienta a viver com sabedoria, aproveitando bem o tempo, guardando o coração e buscando a vontade de Deus para cada dia.

Fia ale si míaxlẽ míaƒe ŋkekewo dedie la ,

ale be dzi si me dziƒonunya le la nasu mía si.

Ɖo to afii, vinye,

ne nàxɔ nye nyawo, ekema agbenɔƒewo asɔ gbɔ fũu.

Dzɔ dzi ŋu wu nuwo katã,

elabena eyae nye agbe ƒe vudo.

Dzɔ dzi ŋu wu nuwo katã,

elabena eyae nye agbe ƒe vudo.

Ame si, si nunya su la ̃a eya ŋutɔ ƒe luʋɔ

eye ame si melɔ̃a nu le gɔmesese gbɔ o la,

nu dzea edzi .

Ame si dzɔa eƒe nuyiwo ŋuti la dzɔa eƒe agbe ŋuti,

ke ame si kea nu kabakaba la atsrɔ̃.

Ame si ɖo to amehehe la le agbemɔ fiam

gake ame si gbea ɖɔɖɔɖo la kplɔa ame bubuwo tranae.

Yehowa vɔvɔ̃e nye agbe ƒe vudo

eye wòɖea ame tso ku ƒe mɔkawo me.

Ame si tia dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃ la,

tia agbe, dzidzedze kple bubu.

Eya ta mikpɔ nyuie be miaganɔ agbe abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, Miwɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu nyuie, elabena ŋkekeawo nye ̃.

A vida no dia a dia

Cada dia é uma oportunidade de glorificar a Deus. A Escritura nos chama a viver com propósito, confiança e fé prática.

O! Yehowa, fia mɔwo

kple toƒewom,

Vavãe, dzɔgbenyui kple amenuveve adze yonyeme

le nye agbemeŋkekewo katã me,

eye manɔ Yehowa ƒe aƒe me ɖaa.

Nye ŋutilã kple nye dzi nu ava yi,

gake Mawue nye nye dzi ƒe ŋusẽ

kple nye gomekpɔkpɔ tegbetegbe.

Yehowa aɖe le ̃wo katã me,

eye wòakpɔ agbe ta.

Yehowa adzɔ vava kple dzodzo ŋuti,

fifia yi ɖase mavɔmavɔ me.

Le ŋkɔ la ta, kplɔm, eye nàfia mɔm,

elabena wòe nye nye agakpe kple sesẽ.

Nu ɖeka mebia Yehowa,

esiae nye be manɔ Yehowa ƒe aƒe me

le nye agbemeŋkekewo katã me,

ne malé ŋku ɖe Yehowa ƒe nyonyo ŋu,

eye madii le eƒe gbedoxɔ me.

Zi kpoo le Yehowa ŋkume,

eye nànɔ eƒe asinu kpɔm le dzigbɔɖi me.

Ne amewo ƒe mɔwo dze edzi na wo,

eye wote ŋu nu ̃ɖi siwo woɖo la,

mègavɔ̃ nàdzo nyanyanya o.

Nyemaŋlɔ ɖoɖowo be o,

elabena èkpɔ nye agbe ta to wo dzi.

Prioridades e eternidade

Jesus nos lembra que a vida é mais que comida e o corpo mais que roupa. O que importa é buscar o Reino de Deus e viver para a eternidade.

Le dzimaɖitsitsi ŋuti

"Eya ta mele egblɔm na mi be, migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nu si miaɖu alo miano ŋu o; alo le miaƒe ŋutilã ŋuti, nu si miata ŋu o. Ɖe miaƒe agbe mexɔ asi wu nuɖuɖu, eye miaƒe ŋutilã mexɔ asi wu nudodo oa? Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa; womeƒãa nu alo ŋea nu alo ƒoa nu nu ƒu ɖe avawo me o. Ke mia Fofo si le dziƒo la naa nuɖuɖu wo. Ɖe mi amegbetɔwo miexɔ asi sãa wu dziƒoxeviwo oa? Mia dometɔ kae ate ŋu ato dzitsitsi me atsɔ gaƒoƒo ɖeka akpe ɖe eƒe agbe ŋu?

"Viɖe ka wòanye na ame be xexea me katã nazu etɔ, gake wòabu eƒe agbe to xexemenuwo didi me?

Azɔ eyɔ nusrɔ̃lawo kple amehawo ƒo ƒu be woaɖo to ye. Egblɔ na wo be, "Ne mia dometɔ aɖe di be yeadze yonyeme la, ele be wòaɖe asi le nu siwo katã doa dzidzɔ la ŋu, wòakɔ eƒe atitsoga akplɔm ɖo. Ne miedi kokoko be miaɖe miaƒe agbe la, miabui boŋ. Ame siwo tsɔ woƒe agbe ɖo anyi le nye nyanyui la ta la, atsi agbe boŋ.

"Viɖe ka wòanye na ame be xexea me katã nazu etɔ, gake wòabu eƒe agbe to xexemenuwo didi me? Nane gaxɔ asi wu eya ŋutɔ ƒe luʋɔ le xexe sia mea? Le ŋkeke siawo me, esi dzimaxɔse kple nu ̃ alea la, ame si nye kple nye nyawo akpe ŋu na la, Amegbetɔ Vi la akpe ŋu eya nenye be etrɔ va le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe mawudɔla kɔkɔeawo."

Eye wògblɔ na wo be, "Mikpɔ nyuie! Milé be na mia ɖokui tso ŋukeklẽ ŋuti, elabena ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o."

Ale si ame awɔ akpɔ agbe mavɔ lae nye be wòanya Mawu vavã ɖeka ̃ɔ la, eye wòaxɔ Yesu Kristo, ame si nèɖo ɖe xexea me dzi ase.

Elabena nu ̃ ƒe fetue nye ku, ke Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana lae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ la me.

Migazɔ ɖe xexe sia me ƒe nuɖoanyiwo nu o, ke boŋ mitrɔ to miaƒe tamesusuwo ƒe yeyewɔwɔ me, ekema miate ŋu anya, eye miakpɔ kakaɖedzi le nu si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye la ŋu; eƒe lɔlɔ̃nu si nyo, eye wòdze hede blibo la.

Míenya be esiawo katã le eme vavã to xɔse me, ke menye to nukpɔkpɔ kple ŋkume o.

Nuxɔxlɔ̃ amewo le nugbegbe le Mawu gbɔ ŋuti

Midze agbagba ɖe sia ɖe be mianɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔenyenye manɔmee la, ame aɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la o.

Esia nanye miaƒe didi ɖaa be mianɔ agbe le tufafa me; miakpɔ mia ŋutɔwo ƒe dɔwo gbɔ abe ale si míegblɔ na mi va yi la ene. Ne mienɔ agbe alea la, ame siwo menye kristotɔwo o la abu mi. Kpe ɖe esia ŋuti la, miganɔ amewo ƒe asinu kpɔm be woana ga mi be miatsɔ akpɔ mia ɖokuiwo dzii o.

Mitsɔ kutrikuku kple dzidzɔ nu sia nu si wòle be miawɔ la, abe Aƒetɔ lae miele ewɔm na ene, eye menye abe miaƒe anyigbadziƒetɔwo miele ewɔm na ene o, esi mienya be miaxɔ domenyinyi tso Aƒetɔ la gbɔ abe fetu ene. Elabena Aƒetɔ Kristo ŋutɔe miele wɔm na.

Woayra ame si doa dzi le tetekpɔ me la, elabena ne enɔ te va se ɖe nuwuwu la, axɔ agbefiakuku si ƒe ŋugbe Mawu do na ame siwo ̃la.

Nunya ƒomevi eve

Ame kae nye nunyala kple nugɔmesela le mia dome? Neɖee fia to agbe nyui nɔnɔ kple siwo wòwɔ le ɖokuibɔbɔ si tsoa nunya me la me.

Elabena,

"Ame si ̃ agbe, eye wòdi be yeakpɔ ŋkekenyuiwo la,

nelé eƒe aɖe be magblɔ nya ̃ aɖeke o,

kple eƒe nu, be magblɔ beblenya aɖeke o.

Ele be wòaɖe asi le ̃ ŋu, awɔ nyui,

eye wòadi ŋutifafa, ati eyome.

Nu sia nu si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa.

Mikafu Yehowa!

Ɣeyiɣi li na nu sia nu

Ɣeyiɣi li na nu sia nu,

eye azã li na tameɖoɖowo katã le dziƒoa te.

Mede se na mi egbea be mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, miazɔ le eƒe mɔwo dzi, eye mialé eƒe sewo me ɖe asi, ale be mianɔ agbe, eye miazu dukɔ aɖe, ekema Yehowa ayra mi le anyigba si le mia zu ge la dzi.

Bu fofowò kple dawò be nànɔ agbe didi le anyigba si Yehowa, Mawu la ana la dzi.

Míaƒe agbemeŋkekewo le ƒe blaadre,

alo blaenyi, gake ne ŋusẽ gale mía ŋutie nye ema,

elabena woƒe didi nye fuɖename kple aɖukliɖuɖu;

wo nu va yi kaba, eye míedzo.

"O! Yehowa, fia nye agbe ƒe nuwuwu

kple ŋkeke ale si manɔ agbee lam;

eye na manya ale si nye agbe le du dzii.

Èwɔ nye ŋkekewo wole abe asi ƒe kekeme ko ene,

eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o.

Amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe agbe le abe ƒuƒu ko ene. Sela

"Amegbetɔ le yiyim, le gbɔgbɔm,

ke vɔvɔli ko wònye.

Ele agbagba dzem, gake wo katã nye nu dzodzro

Eli kesinɔnuwo gleglegle,

gake menya ame si ƒe asi me woayi ɖo o.

Mia dometɔ siwo ̃ agbe,

eye miedi be miakpɔ ŋkekenyui geɖewo la,

mikpɔ miaƒe aɖewo dzi nyuie tso ̃ ŋuti,

eye miaƒe nuyiwo tso aʋatsokaka ŋuti.

Mite ɖa le ̃ gbɔ, eye miawɔ nu nyui,

midi ŋutifafa, eye miati eyome.

Ta si ƒo la nye atsyɔ̃fiakuku,

agbe dzɔdzɔe nɔnɔe henɛ .

Abe ale si ame ƒe mo dzena le tsi dzii ene la,

nenema ame ƒe dzi ɖea eƒe nɔnɔme fianae.

Seja o primeiro
Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-