Publicidade

Salmos 90

Mose, Mawu ƒe ame ƒe gbedodoɖa.

1 Yehowa, wòe nye míaƒe sitsoƒe

le dzidzimewo katã me.

2 Hafi towo nava dzɔ,

alo hafi nàwɔ anyigba kple xexea me,

tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, koe nye Mawu.

3 Ènana amegbetɔwo gatrɔna zua kewɔ, eye nègblɔna be,

"O! Amegbetɔviwo, mitrɔ zu kewɔ."

4 Elabena ƒe akpewo le ŋkuwò me

le abe etsɔ ŋkeke si va yi la ene,

alo abe ŋudzɔɣi le me ene.

5 Èkplɔa amewo dzonae to ku me;

wole abe gbe mumu le ŋdi me ene.

6 Togbɔ be emie le ŋdi yeyee la,

le fiẽ me la, eƒu, eye wòku.

7 dɔmedzoe la tsrɔ̃

eye dɔmedzoe do ŋɔdzi na .

8 Ètsɔ míaƒe vodadawo ɖo ŋkume

kple míaƒe nu ̃ siwo míewɔ

le ɣaɣlaƒe la ɖo mo ƒe kekeli nu.

9 Míaƒe ŋkekewo katã nu va yi le dziku ta,

eye míewu míaƒe ƒewo nu kple ŋeŋe.

10 Míaƒe agbemeŋkekewo le ƒe blaadre,

alo blaenyi, gake ne ŋusẽ gale mía ŋutie nye ema,

elabena woƒe didi nye fuɖename kple aɖukliɖuɖu;

wo nu va yi kaba, eye míedzo.

11 Ame kae nya dɔmedzoe ƒe ŋusẽ?

Elabena dziku nu sẽ abe ale si woavɔ̃ wòe ene.

12 Fia ale si míaxlẽ míaƒe ŋkekewo dedie la ,

ale be dzi si me dziƒonunya le la nasu mía si.

13 O! Yehowa, bɔbɔ asi! Va se ɖe ɣe ka ɣi?

Kpɔ nublanui na dɔlawo.

14 Tsɔ lɔlɔ̃ si meʋãna o la ɖi ƒoe na

le ŋdi me, be míadzi ha kple dzidzɔ,

eye míatso aseye le míaƒe ŋkekewo katã me.

15 Na míatso aseye, ɖe ŋkeke siwo katã nètu nu kpli

kple ƒe siwo katã me nèhe fukpekpe va mía dzi la ta.

16 Na woaɖe dɔwɔwɔwo afia dɔlawo

kple atsyɔ̃ afia wo viwo.

17 Aƒetɔ, míaƒe Mawu, na amenuveve nanɔ mía dzi,

eye nàli ke míaƒe asinudɔwo na , ɛ̃,

míaƒe asinudɔwo, nàna woali ke nyuie.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-