11 Nyagblɔɖila Natan yi Batseba, Solomo dada gbɔ eye wòbiae be, "Ènya be Hagit ƒe vi, Adoniya, zu fia azɔ eye míaƒe aƒetɔ David menya naneke tso eŋu oa? 12 Ne èdi be yeaɖe ye ŋutɔ ƒe agbe kple ye vi Solomo tɔ la, ekema nàwɔ nu si magblɔ na wò la pɛpɛpɛ. 13 Yi Fia David gbɔ enumake eye nàbiae be, ‘Nye aƒetɔ, menye wòe do ŋugbe nam be vinye Solomo aɖu fia ɖe ye yome eye wòanɔ yeƒe fiazikpui dzi oa? Ekema nu ka ta Adoniya le fia ɖum?’