Publicidade

1 Reis 17

Akpaviãwo na nuɖuɖu Eliya

1 Azɔ la Eliya, Tisbitɔ si tso Tisbi le Gilead la va gblɔ na Ahab be, "Meta Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe agbe, ame si mesubɔna la be zãmu loo alo tsi madza le ƒe siwo gbɔna la me o negbe le nye nya nu ko."

2 Yehowa gblɔ na Eliya bena, 3 "Yi ɣedzeƒe eye nàbe ɖe Kerit tɔʋu la to, le afi si tɔʋu sia de nu Yɔdan tɔsisi la me le la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. 4 No tsi le tɔʋu la me eye nàɖu nu si akpaviãwo atsɔ na elabena mana be woatsɔ nuɖuɖu na wo."

5 Ale Eliya nu si Yehowa ɖo eye wònɔ tɔʋu la to. 6 Akpaviãwo tsɔa abolo kple vanɛ gbe sia gbe, ŋdi kple fiẽ eye wònoa tsi le tɔʋu la me.

Ahosi si Zarefat

7 Ke le ɣeyiɣi aɖe megbe la, tɔʋu la mie elabena tsi megadza ɖe anyigba la dzi kpɔ o. 8 Yehowa ƒe nya va na Eliya bena, 9 "Yi Sidon ƒe Zarefat enumake eye nànɔ afi ma. Megblɔ na ahosi aɖe le afi ma be wòana nuɖuɖu ." 10 Ale wòyi ɖe Zarefat. Esi wòva ɖo Zarefat ƒe agbo nu la, ahosi aɖe afi ma, nake fɔm. Eyɔe eye wòbiae be, "Àku tsi vi aɖe ɖe kplu me nam manoa?" 11 Esi ahosi la trɔ yina be yeaku tsi la la, Eliya yɔe, gblɔ be, "Nyo me nàtsɔ abolo aɖe kpe ɖe tsi la ŋu nam."

12 Ahosi la ɖo eŋu be, "Meta Yehowa, Mawu la ƒe agbe be, abolo aɖeke mele asinye o negbe asiʋlo ɖeka si le wɔze me kple ami sue aɖe si le amigoe me ko. Mele nake ʋɛ siawo fɔm atsɔ ayi aƒe mee ne maɖa nu nye kple vinye ŋutsu míaɖu eye míaku."

13 Eliya gblɔ be, "Mègavɔ̃ o; yi aƒe me eye nàwɔ abe ale si nègblɔ ene gake gbã la, ƒo abolo sue aɖe kple la ƒe ɖe eye nàtsɔe nam. Emegbe nàɖa nane na ŋutɔ kple viwò ŋutsu la 14 elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye si, mavɔ le wɔze me o eye ami mavɔ le amigoe me o va se ɖe esime Yehowa nana tsi nadza ɖe anyigba dzi.’ "

15 Ale ahosi la nu si Eliya gblɔ eye Eliya kple eya kple via siaa kpɔa nuɖuɖu tso la kple ami la me ŋkeke ale si wohiã wo. 16 Elabena mevɔ le wɔze la me eye ami mevɔ le amigoe la me o le nya si Yehowa gblɔ to Eliya dzi la nu.

17 Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, nyɔnu si nye aƒea la ƒe viŋutsu dze . la sesẽ tso ŋkeke me yi ŋkeke me eye mlɔeba la, eƒe gbɔgbɔ nu tso. 18 Egblɔ na Eliya be, "Oo Mawu ƒe ame, nya kae le asiwò ɖe ŋutinye? Ɖe nèva be yeaɖo ŋku nye nu ̃wo dzi nam eye nàwu vinyeŋutsua?"

19 Eliya ɖo eŋu be, "Tsɔ viwò ŋutsuvi la nam." Exɔe le eƒe abɔwo dome hetsɔe yi eƒe me le dziƒoxɔ dzi eye wòtsɔe mlɔ eƒe aba dzi. 20 Tete wòdo ɣli na Yehowa be, "Oo Yehowa, nye Mawu, ɖe nèhe dzɔgbevɔ̃e va ahosi si gbɔ mele la dzi eye nèna via ŋutsuvi la kua?" 21 Eliya dra ɖe ɖevi la dzi zi etɔ̃ eye wòdo ɣli na Yehowa, be, "Oo, Yehowa, nye Mawu, na be ɖevi sia ƒe agbe natrɔ ava eme!"

22 Yehowa se Eliya ƒe gbedodoɖa, ale ɖevi la ƒe gbɔgbɔ gbugbɔ va eme eye wòtsi agbe. 23 Eliya ɖevi la eye wòdo go kplii tso la me yi anyigba eye wòtsɔe na dadaa gblɔ be, "Kpɔ ɖa, viwò ŋutsu la le agbe!"

24 Ahosi la gblɔ be, "Azɔ la, menya be Mawu ƒe amee nènye eye Yehowa ƒe nya si do tso nu me la nye nyateƒe."

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-