Publicidade

1 Reis 3

5 Yehowa ɖe eɖokui fiae le ma me eye wògblɔ be, "Bia nu sia nu si dze ŋuwò la eye matsɔe ana !"

6 Solomo ɖo eŋu be, "Èwɔ dɔmenyo na dɔla, fofonye, David elabena eɖi anukware na . Ewɔ nu dzɔdzɔe eye eƒe dzi to ɖeka. Èyi edzi, ɖe amenuveve sia fiae eye nèna viŋutsue be wòanɔ eƒe fiazikpui dzi egbea.

7 "Azɔ la, Oo Yehowa, nye Mawu, èɖo dɔla fiae ɖe fofonye, David teƒe, ke nye la, ɖevi sue ko menye, nyemenya ale si mawɔ nye dɔdeasiwoe o. 8 Azɔ la, dɔla le afii, le ame tiatiawo dome, dukɔ si lolo eye ameawo gbɔ ale gbegbe be womate ŋu axlẽ wo o. 9 Na dzi nyanu dɔla ale be wòate ŋu aɖu dukɔ dzi eye wòade vovototo nyui kple ̃ dome elabena ame kae ate ŋu aɖu dukɔ sia dzi?"

10 Edzɔ dzi na Aƒetɔ la be Solomo bia nu sia 11 eya ta Mawu gblɔ be, "Esi nèbia esia eye menye agbe didi loo alo kesinɔnuwo na ɖokuiwò o loo alo futɔwo ƒe ku o ke boŋ dzi nyanu be yeatsɔ atso afia nyui ta la, 12 mawɔ nu si nèbia la na . Mana dzi nyanu kple dzi si sea nu gɔme la ale be tɔwò tɔgbi aɖeke manɔ anyi fifia loo alo akpɔ gbeɖe o.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-