12 Esi Fia David se nya sia be, "Yehowa yra Obed Edom ƒe aƒe kple nu siwo katã le esi le Mawu ƒe nubablaɖaka la ta" la, David yi ɖakɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la kple aseyetsotso. 13 Ne ame siwo kɔ nubablaɖaka la ɖe afɔ zi ade la, wotɔna, lalana eye David tsɔa nyitsu ɖeka kple alẽvi dami ɖeka saa vɔe. 14 David ɖu ɣe kple eƒe ŋusẽ katã le Yehowa ŋkume le esime wòdo awu ʋlaya si wotɔ kple aklala biɖibiɖi. 15 Ale Israel kɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va aƒee kple aseyetsotso kple kpẽkuku geɖe.