Publicidade

Deuteronômio 28

Sedziwɔwɔ ŋuti yayrawo

1 "Ne èwɔ Yehowa, Mawu la ƒe se siwo katã mele mia nam egbe la dzi pɛpɛpɛ la, awɔ nàzu dukɔ gãtɔ le xexea me, 2 eye yayra siawo katã agbã go ɖe dziwò ne àɖo to Yehowa, Mawu la ƒe gbe. 3 Woayra le du me kple agble me siaa. 4 Woayra alimeviwo, eye agblemenukuwo, lãwo ƒe viwo, nyiwo kple alẽwo siaa adzi ɖe edzi. 5 Woayra kusi kple amɔze. 6 Woayra ne èva aƒe me kple ne èdo go.

7 "Yehowa aɖu futɔwo dzi le ŋgɔwò. Woaƒo ƒu alũ ɖe dziwò, gake woaka ahlẽ asi to teƒe adre le ŋgɔwò! 8 Yehowa ayra kple nuku nyuiwo kple nyi siwo ƒe lãme nyo. Ana nàkpɔ dzidzedze le nu sia nu si nàwɔ ne èva ɖo anyigba si Yehowa, Mawu la le nawòm la dzi.

9 "Yehowa Mawu atrɔ nàzu dukɔ kɔkɔe na eɖokui abe ale si wòdo ŋugbe be yeawɔ ne ànya ɖe yeƒe sewo dzi, eye nàzɔ le yeƒe mɔwo dzi la ko ene. 10 Dukɔwo katã le xexea me adze sii be Yehowa nènye, eye woƒe nu aku.

11 "Yehowa ana nu nyuiwo le anyigba la dzi ale be viwòwo, lãwo kple agblemenukuwo nasɔ gbɔ fũu abe ale si wòdo ŋugbe ene. 12 Yehowa aʋu dziƒo nu, tsi adza na , eye wòana agblemenukuwo ɣe sia ɣi. Ayra nu sia nu si nàwɔ; àdo nugbana na dukɔ geɖewo, gake ŋutɔ ya màdo nugbana le wo si o. 13 Ne mianya ɖo to, eye miawɔ Yehowa miaƒe Mawu ƒe se siwo mele dedem na mi egbea dzi ko la, Yehowa awɔ nàzu ta, eye mànye asike o; àɖu dzi le nu sia nu me ɣe sia ɣi. 14 Ke yayra siawo dometɔ ɖe sia ɖe ku ɖe ale si màɖe asi le se siwo mede na la dzi wɔwɔ ŋu le aɖeke nu o la ŋu. Gawu la, mèkpɔ asubɔ mawu bubu aɖeke gbeɖegbeɖe o."

Sedzimawɔmawɔ ƒe fiƒodewo

15 "Ne màɖo to Yehowa, Mawu la ƒe gbe o, eye màwɔ ɖe eƒe se kple ɖoɖo siwo mexlẽ na egbea dzi o la, Mawu ƒe fiƒode siawo katã ava dziwò, eye woaɖi ŋuwò. 16 Ne èle du me la, aɖi ŋuwò eye ne èle agble , aɖi ŋuwò. 17 Aɖi kusi kple amɔze ŋu. 18 Aɖi alimeviwo, agblemenukuwo, nyiwo kple alẽwo ŋu. 19 Ne èva aƒe me la, aɖi ŋuwò, ne èdo go aɖi ŋuwò.

20 "Yehowa ŋutɔ aƒo fi ade ; àtɔtɔ, eye màkpɔ dzidzedze le nu sia nu si nàwɔ la me o va se ɖe esime ŋutɔ nàtsrɔ̃ mlɔeba le ale si nègblẽ Mawu ɖi la ta. 21 Yehowa akplɔ dɔvɔ̃ ade dowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ le anyigba si dzi yim nèle la ƒe ŋkume. 22 Yehowa akplɔ kpedɔ, ŋudza, lãmedɔ bubuwo, dɔvɔ̃ kple aʋawɔwɔ ade dowòme. Ana agblemenukuwo nayrɔ, eye woadzi ŋɔviwo. Dzɔgbevɔ̃e siawo katã adze yowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃, eye nuwò nayi.

23 "Dziƒowo asẽ dzi me abe akɔbli ene ɖe tame, eye anyigba anɔ abe gayibɔ ene ɖe tewò. 24 Anyigba la aƒu abe ʋuʋudedi ene le kuɖiɖi ta, eye ahom atu, eye kekuiwo atsrɔ̃ .

25 "Yehowa ana futɔwo naɖu dziwò. aʋakɔ aƒo ƒu azɔ ayi aʋa, ke atɔtɔ, aka ahlẽ le futɔwo ŋkume, eye nàtsa tsaglalã le anyigbadzidukɔwo dome. 26 ame kukuwo azu nuɖuɖu na xewo kple gbemelãwo, eye ame aɖeke manɔ anyi anya wo ɖa o.

27 "Yehowa, Mawu la aɖo Egiptetɔwo ƒe ƒoƒoe, anyi kple akpa ɖe dowòme, eye atike manɔ anyi na wo dometɔ aɖeke o. 28 Ana tsukuku, ŋkuagbã, vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya nadze dziwò; 29 àtsa asi le ŋdɔkutsu dzatsi nu abe ale si ŋkuagbãtɔ tsaa asi le viviti me ene tututu. Nu siwo katã nàwɔ la dometɔ aɖeke madze edzi na o. Woate ɖe to; woada adzo enuenu, eye naneke maɖe o.

30 "Ŋutsu bubu sãa aɖe nyɔnu si ta nèbia, ame bubu sãa anɔ aƒe si nètso la me, eye ame bubu sãa aɖu waingble si nède la me kutsetsewo. 31 Woafli nyitsuwo ƒe le ŋutɔ ŋkume, ke woƒe lãkɔ kakɛ aɖeke ̃ maka nu na o. Woanya tedziwo dzoe le ŋkume, eye womagatrɔ ava gbɔwò gbeɖe o. Woatsɔ alẽwo na futɔwo, eye ame aɖeke manɔ anyi axɔ na o. 32 Ànɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo kpɔm hafi woakplɔ wo adzoe abe kluviwo ene. ŋkuwo atsi wo ŋu, dzi agbã, gake màte ŋu awɔ naneke o. 33 Didiƒe dukɔ aɖe si ƒe ŋkɔ mèse kpɔ ̃ o la aɖu agblemenuku siwo nèƒã kple kutrikuku geɖe. Woate ɖe anyi, eye woafiti ɣe sia ɣi. 34 Dzɔgbevɔ̃e siwo nàkpɔ woaƒo xlã la ana nàku tsu. 35 Yehowa ana ƒoƒoe naƒo tso tagbɔ va se ɖe afɔgɔme.

36 "Yehowa, Mawu la aɖe aboyo kple fia si nàɖo la ayi dukɔ aɖe si ŋu ŋutɔ kple tɔgbuiwòwo siaa miebu kpɔ o la me, àsubɔ mawu siwo wowɔ kple ati kple kpe. 37 Àzu ŋɔdzinu, lodonu kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome, elabena Yehowa aɖe aƒu gbe.

38 "Àƒã nukuwo fũu, gake nuku ʋɛ aɖewo ko nàŋe, elabena ʋetsuviwo agblẽ nukuawo. 39 Àde waingblewo, eye nàwɔ le wo me kple vevidodo nu, ke màɖu woƒe tsetseawo o, eye màno wain si woafia tso wo me o, elabena ŋɔ aɖu wo. 40 Amitiwo amie ɖe afi sia afi, gake màkpɔ ami wòasɔ gbɔ be nàsi na ɖokuiwò ̃ o. 41 Woalé viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo abe kluviwo ene adzoe le gbɔwò. 42 Ʋetsuviwo agblẽ atiwo kple waingblewo. 43 Amedzro siwo le dowòme la anɔ hotsui kpɔm ɖe edzi, 44 le esime ŋutɔ nànɔ ahe dam ɖe edzi. Woado nugbana na , ke ya màdo naneke na wo o! Woawoe anye ta, eye ŋutɔ nàzu asike!

45 "Fiƒode siawo katã aɖi ŋuwò, eye woanɔ yowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃ keŋkeŋ le esi nègbe be yemaɖo to Yehowa, Mawu o la ta. 46 Ŋɔdzinu siawo ava kple dzidzimeviwo dzi, eye woanye nusɔsrɔ̃ na . 47 Esi mèsubɔ Yehowa Mawu kple dzidzɔ le nu nyui siwo katã wòwɔ na o la ta, 48 Yehowa ana nàzu kluvi na futɔwo le dɔwuame, tsikɔwuame kple amamanɔnɔ me. Nu sia nu ahiã . Yehowa ade gakɔkuti na va se ɖe esime wòatsrɔ̃ ɖa gbidii.

49 "Yehowa akplɔ dukɔ aɖe si ƒe gbe mèse o la tso didiƒe ke, wòava dze dziwò abe ale si ̃ dzea eƒe nuɖuɖu dzi ene. 50 Dukɔ sia me tɔwo nye ame nyanyrawo, ame siwo makpɔ nublanui na ɖeviwo alo ame tsitsiwo o. 51 Woaɖu nu le aƒe me va se ɖe esime nyiwo, agblemenukuwo, bli, wain yeye, ami, nyiviwo kple alẽviwo navɔ keŋkeŋ. 52 Dukɔ ma aɖe to ɖe duwo, eye wòamu gli kɔkɔ siwo ŋu nèɖoa ŋu ɖo be woaxɔ na ye la aƒu anyi. 53 Àɖu ŋutɔ viwò ŋutsuviwo kple viwò nyɔnuviwo ƒe ̃ le ɣeyiɣi ̃ siwo gbɔna, esime woaɖe to ɖe la me. 54 Nublanuikpɔnamela gãtɔ siwo le dowòme la asẽ ŋuta le eya ŋutɔ nɔvia ŋutsu, srɔ̃a lɔlɔ̃a kple via siwo aganɔ agbe la ŋu. 55 Mana viawo ƒe si ɖum wòanɔ wo o, le dɔtoto si va dua me esi futɔwo ɖe to ɖee ta. 56 nyɔnu bɔbɔe si malɔ̃ be yeatu afɔ anyigba na ̃ o la, agbe mana nu srɔ̃a lɔlɔ̃a, via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo ̃ o. 57 Aɣla amenɔ si le eƒe atawo dome kple vidzĩ si wòdzi la ɖe ale be eya ɖeka nate ŋu aɖu wo le adzame. Le ɣeyiɣi si me woaɖe to ɖe dua la, dɔwuame kple fukpekpe si futɔwo ahe la nu asẽ ŋutɔŋutɔ.

58 "Ne ègbe mèwɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me dzi o, eye nèto esia me gbe, mèvɔ̃ Yehowa, Mawu la ƒe ŋkɔ si ŋu bubu kple ŋɔdzi le o la, 59 ekema Yehowa ahe dɔvɔ̃ si nu matso o la va kple viwòwo dzi. 60 Yehowa ahe Egiptetɔwo ƒe dɔléle siwo nèvɔ̃na ŋutɔ la ava dziwò, eye woaxɔ anyigba la dzi. 61 Menye nu siawo ɖeɖe ko ava dziwò o! Yehowa ahe dɔléle ɖe sia ɖe si le xexea me la, esiwo dzi wometɔ asii le Segbalẽ sia me o ava dziwò va se ɖe esime nàtsrɔ̃ gbidigbidi. 62 Togbɔ be miesɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene kpɔ la, mia dometɔ ʋɛ aɖewo koe asusɔ. Esiawo katã ava eme ne mèɖo to Yehowa, Mawu la ƒe gbe o. 63 Abe ale si Yehowa kpɔ dzidzɔ le ŋuwò, nu wɔnuku mawo na , eye wòna nèdzi gbɔ ene la, nenema kee, le ɣeyiɣi si gbɔna me la, Yehowa akpɔ dzidzɔ le ale si wòatsrɔ̃ ŋu, eye nàbu le anyigba la dzi, 64 elabena Yehowa aka ahlẽ ɖe dukɔwo katã dome tso anyigba la ƒe seƒe ɖeka yi eƒe seƒe bubu. Le afi ma la, àsubɔ mawu siwo wowɔ kple ati kple kpe, mawu siwo ŋutɔ kple tɔgbuiwòwo mienya o! 65 Le dukɔ mawo dome la, màkpɔ dzidzeme o, elabena Yehowa ana vɔvɔ̃dzi kple viviti , eye wòana nuxaxa kple vɔvɔ̃ nana ŋutilã nanyunyɔ. 66 Àtsi dzodzodzoe le agbe ŋu, ànɔ agbe le vɔvɔ̃ me kple keli, eye naneke mana nàxɔe ase be ŋu ake ɖe ye o. 67 Le ŋdi la, àgblɔ be, O! mee wòanye hafi!Le fiẽ me la, àgblɔ be, O! Ŋkeke me wòanye hafi!Àgblɔ nya siawo le ŋɔdzinu siwo aƒo xlã la ta. 68 Ekema Yehowa agbugbɔ mi aɖo ɖe Egipte le tɔdziʋuwo me togbɔ be edo ŋugbe na mi be miagade afi ma o hafi! Le afi ma la, miatsɔ mia ɖokuiwo ana woaƒle abe kluviwo ene, gake ame aɖeke madi be yeaƒle mi ̃ o."

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-