Ʋɔnudrɔ̃lawo tiatia
13 Esi ŋu ke la, Mose nɔ anyi abe ale si wòwɔna ɣe sia ɣi ene, tso ŋdi va se ɖe fiẽ be yeadrɔ̃ ʋɔnu le ameawo dome.
14 Esi Mose to kpɔ ɣeyiɣi si ʋɔnudɔdrɔ̃ la xɔna nɛ la, egblɔ nɛ be, "Nu ka ta nèle agbagba dzem be ye ɖeka yeawɔ nu siawo katã, le esime amewo le tsitre le afi sia ŋkeke blibo la katã be nàkpe ɖe yewo ŋuti?"
17 Mose to, Yetro gblɔ nɛ be, "Nu si wɔm nèle la menyo o. 18 Èle ɖeɖiteameŋu kple dɔléle he ge ava ɖokuiwò dzi. Ne eva eme alea ɖe, nu kae wò amewo awɔ? Mose, dɔ sia sẽ akpa be nàvu ɖe eŋu be ye ɖeka yeawɔ.
21 "Di ame zazɛ̃ aɖewo, ame siwo vɔ̃a Mawu, ame siwo gblɔa nyateƒe eye wotsri zãnuxɔxɔ. Tia wo, eye nàɖo wo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe ameawo dzi. Ame aɖewo ɖe ame akpe nu, Ame aɖewo ɖe ame alafa nu, Ame aɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu eye Ame aɖewo ɖe ame ewo nu. 22 Na ame siawo nadrɔ̃ nya kukluiwo na ameawo ɣe sia ɣi. Nya veviwo kple nya sesẽwo koe woatsɔ va gbɔwòe. Ne èto mɔ sia dzi la, nuwo abɔbɔ na wò, elabena àma nyadɔdrɔ̃ ƒe agba kple nyadrɔ̃lawo. 23 Ne èzɔ ɖe aɖaŋu sia dzi, eye Mawu lɔ̃ la, àte ŋu anɔ te ɖe dɔ sesẽ sia nu, eye tomefafa kple nusɔsɔ anɔ asaɖa la me."
24 Mose xɔ toa ƒe aɖaŋu, eye wòzɔ ɖe eƒe nyawo nu.