18 Ameawo katã kpɔ dzikedzo kple dzudzɔ si nɔ tutum le to la me. Wose dziɖegbe la kple kpẽkuku didi dziŋɔ la. Wotsi tsitre ɖe adzɔge henɔ dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃. 19 Wogblɔ na Mose be, "Wò boŋ gblɔ nya si Mawu le gbɔgblɔm la na mí, eye míawɔ edzi. Ke mègana Mawu ŋutɔ naƒo nu na mí o; ne menye nenema o la, ava wu mí."
20 Mose gblɔ na wo be, "Migavɔ̃ o, elabena Mawu va le nɔnɔme sia me be yeaɖe yeƒe ŋusẽ dziŋɔ la afia mi, ale be tso azɔ dzi yina la, miagawɔ nu vɔ̃ o."
21 Le esime ameawo le tsitre ɖe adzɔge la, Mose ge ɖe blukɔ si me Mawu nɔ la me.
Vɔsamlekpuiwo ɖiɖi
22 Yehowa gblɔ nya siawo na Mose be, "Gblɔ na Israelviwo be, ‘Miawo ŋutɔ miekpɔe be meɖe nye lɔlɔ̃nu fia mi tso dziƒo. 23 Miɖo ŋku edzi be miekpɔ mɔ awɔ legba aɖeke kple klosalo alo sika alo kple nu bubu aɖeke asubɔ o!
24 " ‘Mitsɔ anyi ɖi vɔsamlekpuiwo nam. Miwɔ miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo kple alẽwo kple nyiwo le wo dzi nam. Miɖi vɔsamlekpuiwo ɖe teƒe siwo mafia mi la ko, eye mava yra mi le teƒe mawo. 25 Miate ŋu aɖi vɔsamlekpuiwo kple kpewo hã, gake miwɔ kpe siwo womekpa alo fu o la ko ŋu dɔ. Migakpa kpeawo kple dɔwɔnu aɖeke o, elabena ne miekpa wo la, womagadze be woawɔ wo ŋu dɔ hena vɔsamlekpuiɖiɖi nam o. 26 Mègawɔ atrakpuiwo ɖe vɔsamlekpui la ŋu o. Ne èwɔ wo, eye nèlia wo la, ame aɖe ate ŋu awu mo dzi, eye wòakpɔ wò amame to wò awu ʋlaya la te.’