Pular para o conteúdo
Publicidade

Mose 2 26:1,7,14,15,31,33

Agbadɔ la

1 "Tsɔ avɔ ewo siwo wolɔ̃ kple ka nyuiwo, aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ la wɔ agbadɔ la, eye nàlɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe eme.

7 "Tsɔ avɔ titri siwo wolɔ̃ kple gbɔ̃fu la ƒe teƒe wuiɖekɛ gbã agbadɔ la. 14 Tsɔ agbogbalẽ siwo woɖa kple ama dzĩ la tsyɔ gbɔ̃fuvɔawo dzi, eye nàgatsɔ gbɔ̃gbalẽwo atsyɔ alẽgbalẽawo dzi.

15 "Tsɔ akasiati wɔ agbadɔ la ƒe ʋuƒowo, axadzitiwo kple daɖedziwo.

31 "Tsɔ avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kple ka dzĩ kple ɖetika ɣi la wɔ xɔmetsovɔ, eye nàna aɖaŋudɔwɔla nyuitɔ nalɔ̃ Kerubiwo ɖe eme. 33 Tsi xɔmetsovɔ la ɖe sikagatagbadzɛ eneawo ŋu. Tsɔ Aɖaka si me kpe siwo dzi woŋlɔ Mawu ƒe seawo ɖo la da ɖe xɔmetsovɔ sia megbe. Xɔmetsovɔ la ama Kɔkɔeƒe la ɖa tso Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la gbɔ.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.