Vɔsamlekpui la
1 "Tsɔ akasiati nàkpa vɔsamlekpui lae. Eƒe ta ƒe kekeme kple didime siaa nanye mita ɖeka kple desimita eve, eye wòakɔ mita ɖeka kple desimita etɔ̃. 2 Wɔ lãdzowo ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzogoe eneawo dzi, woalé sesĩe ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Fa akɔbli ɖe nu sia nu ŋu. 3 Tsɔ akɔbli wɔ vɔsamlekpui la ŋunuwo, afilɔnuwo, sofiwo, gagbɛwo, gafluwo kple dzoɖesonuwo. 4 Tsɔ akɔbli wɔ lãyiga, eye nàwɔ akɔblisigɛ ɖe dzogoe eneawo ŋu. 5 Klã lãyiga la ɖe mlekpui la titina, eye nàna wòanɔ teƒe si wodoa dzo ɖo la tame. 6 Tsɔ akasiati kpa kpo didiwo, eye nàfa akɔbli ɖe wo ŋu hena vɔsamlekpui la kɔkɔ. 7 Na woatsɔ ati didiawo aƒo ɖe asigɛawo me le vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi hena vɔsamlekpui la kɔkɔ. 8 Tsɔ ʋuƒo wɔ vɔsamlekpui la, do nanɔ eme abe ale si meɖee fia wò le to la dzi ene pɛpɛpɛ."