Pular para o conteúdo
Publicidade

Mose 2 27:9-18

Xɔxɔnu la

9 "Tɔ kpɔ ɖe agbadɔ la ŋu. Agbadɔ la ƒe dziehe gome nadidi mita blaene-vɔ-ene. Tsɔ avɔ si wolɔ̃ kple ɖeti ɣi dada la tɔ kpɔ siae, 10 eye nàtu kpɔti blaeve siwo ƒe afɔtiwo woatu kple akɔbliga, eye woatsɔ klosaloga atu gatagbadzɛ siwo woatsɔ avɔawo akui la ɖe kpɔtiawo ŋu. 11 Woawɔ avɔ la nenema ke le anyiehe gome hã. Woaku avɔ mita blaene-vɔ-ene ɖe klosalogatagbadzɛawo ŋu, ɖe gakawo ŋu le kpɔtiawo ŋu. 12 Ɣetoɖoƒe gome nadidi mita blaeve-vɔ-eve. Kpɔti ewo siwo te afɔti ewo le la nanɔ afi ma. 13 Ɣedzeƒe gome afi si ɣe dzena tsona hã nadidi mita blaeve-vɔ-eve. 14 Avɔ si didi mita ade kple afã la nanɔ akpa ɖeka na mɔnu la. Woatsi avɔ la ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te afɔti etɔ̃ le la ŋu. 15 Avɔ didime ma tɔgbi ke nanɔ agbadɔ la ƒe akpa evelia, eye woatsi eya hã ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te afɔti etɔ̃ le la ŋu.

16 "Avɔ si keke mita asiekɛ la, nanɔ kpɔtɔtɔ la ƒe mɔnu. Avɔ la nanye esi avɔlɔ̃la la lɔ̃ kple ka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ, eye woatsii ɖe kpɔti ene siwo te afɔti le ɖekaɖeka la ŋu. 17 Woatsɔ klosalogatagbadzɛwo aklã klosalogakawo ɖe kpɔti siwo katã wotsɔ tɔ kpɔ lae la ŋu be woalé kpɔtiawo ɖekae. Akɔblifɔ sesẽwo nanɔ kpɔtiawo te ɖekaɖekae. 18 Ale kpɔtɔtɔ la nadidi mita blaene-vɔ-ene, akeke mita blaeve-vɔ-eve. Kpɔtɔtɔ la ƒe avɔ akɔ abe mita eve ene, eye woalɔ̃e kple ɖeti nyuitɔwo.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.