Akɔblitsileze la
17 Eye Yehowa gblɔ na Mose be, 18 "Tsɔ akɔbli wɔ gagbɛ aɖe kple eƒe zɔ hena ŋutikɔklɔ. Tsɔe da ɖe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome, eye nàkɔ tsi ɖe eme. 19 Na Aron kple via ŋutsuwo naklɔ asi kple afɔ le afi sia, 20 ne woyina agbadɔ la me be woado ɖe Yehowa ŋkume alo hafi woate ɖe vɔsamlekpui la ŋu be woasa vɔ na Yehowa. Ele be woaklɔ asi kple afɔ hafi awɔ nu siawo, ne menye nenema o la, woaku. 21 Esiawoe nye ɖoɖowo na Aron kple via ŋutsuwo tso dzidzime yi dzidzime."