Pular para o conteúdo
Publicidade

Gênesis 12

Mawu Abram

1 Le Abram fofo ƒe ku megbe la, Yehowa gblɔ na Abram be,

"Ʋu le mia de, gblẽ ƒometɔwo ɖi,

eye nàyi anyigba si mafia la dzi.

2 Ne èwɔ esia la, mana nàzu dukɔ aɖe fofo.

Mayra , eye mana nàxɔ ŋkɔ.

Gawu la, àhe yayra na ame geɖewo.

3 Mayra ame siwo ayra la,

eye maƒo fi ade ame sia ame si aƒo fi ade la.

Woayra xexea me blibo la ɖe tawò."

4 Ale Abram ʋu le wo de abe ale si Yehowa gblɔ ene. Ekplɔ Lot ɖe asi. Ɣe ma ɣi la, Abram ƒe blaadre-vɔ-atɔ̃ esi wòdzo le Haran. 5 Ekplɔ srɔ̃a, Sarai kple eƒe tɔgãyɔvi Lot ɖe asi, eye wòtsɔ kesinɔnu siwo katã wòkpɔ le Haran, nyiwo kple kluviwo siaa dzoe heyi Kanaan. 6 Esime wonɔ zɔm to Kanaanyigba dzi la, woɖo teƒe aɖe le Sikem gbɔ. Wotɔ ɖe ati aɖe te le More. Kanaantɔwo anyigba la dzi ɣe ma ɣi.

7 Yehowa ɖe eɖokui fia Abram, eye wògblɔ be, "Matsɔ anyigba sia ana dzidzimeviwo." Abram ɖi vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma hena ŋkuɖoɖo ale si Yehowa ɖe eɖokui fiae le afi ma la dzi. 8 Le esia megbe la, Abram dzo le afi sia, eye wòɖo ta anyigbeme lɔƒo, heyi tonyigba si le Betel le ɣetoɖoƒe kple Ai le ɣedzeƒe la dome. Etu agbadɔ kple vɔsamlekpui ɖe afi sia, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa. 9 Ale wòyi mɔzɔzɔ dzi ɖɔɖɔɖɔ henɔ anyigbeme yim, henɔ tɔtɔm ɖe teƒewo ɖo ta Negeb.

10 Dɔwuame sesẽ aɖe anyigba la dzi ɣe ma ɣi, ale Abram yi be yeanɔ Egipte. 11 Ke esi wògogo Egipte la, egblɔ na Sarai be wòagblɔ na ame sia ame be ye nɔvinyɔnue yenye! "Èdze tugbe ŋutɔ. 12 Ne Egiptetɔwo kpɔ la, woagblɔ be, Srɔ̃ae nye nyɔnu sia, mina míawu ŋutsu la ekema míaxɔ nyɔnu la aɖe!13 Ke ne ègblɔ be nɔvinyee yenye la, Egiptetɔwo axɔm nyuie le tawò, eye womawum o!" 14 Le nyateƒe me esi woɖo Egipte la, ame sia ame ɖi ɖase le eƒe tugbedzedze ŋu. 15 Esi fia ƒe subɔlawo kpɔe la, wokafu eƒe tugbedzedze na Fia Farao, eye wokplɔe yi ɖe Farao ƒe aƒe me. 16 Farao tsɔ nunana geɖewo, alẽwo, nyiwo, tedziwo, kluviwo, kosiwo kple kposɔwo na Abram ɖe srɔ̃a Sarai ta.

17 Ke Yehowa na dɔvɔ̃ sesẽ aɖe va ge ɖe Farao ƒe aƒe me le Abram srɔ̃ Sarai ƒe aƒea me nɔnɔ ta. 18 Ale Farao Abram va eɖokui gbɔ, eye wòka mo gblɔ be, "Nu kae nye esi nèwɔ ɖe ŋunye? Nu ka ta mègblɔ nam be ye srɔ̃e o ɖo? 19 Nu ka ta nèɖe nam be maɖee, eye nègblɔ nam be ye nɔvie ɖo? Kpɔ ɖa, kplɔ srɔ̃dzoe le afi sia enumake!" 20 Ale Farao nya wo, eye wòna asrafowo dzɔ Abram, srɔ̃a kple woƒe amewo kple woƒe kesinɔnuwo katã ŋu va se ɖe esime wodo go le eƒe anyigba dzi.

Veja também