10 Wo dometɔ ɖeka gblɔ be, "Yehowa gblɔ be, ‘Le ƒe si gbɔna me la, srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi’ " Sara nɔ agbadɔ me le Abraham megbe nɔ nya siawo sem. 11 Azɔ la, Abraham kple Sara tsi ŋutɔ, eye Sara ƒe vidziɣi va yi xoxoxo.
12 Nu sia na Sara ko nu le ta me, eye wògblɔ na eɖokui be, "Nyɔnu tsitsi abe nye ene nagadzi vi kple srɔ̃nye tsitsi sia?"