23 Tete Abraham te ɖe eŋu hebiae be, "Ɖe nàtsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋua? 24 Ne àkpɔ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ le dua me ɖe, ɖe nàtsrɔ̃ du blibo la, eye màkpɔ nublanui le ame dzɔdzɔe blaatɔ̃awo ta oa? 25 Esia masɔ o! Meka ɖe edzi be màwɔ nu ma tɔgbi, awu ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa o! Nu ka ta nàhe to na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa ɖekae ɖo? Eme kɔ ƒãa be màwɔ nenema o! Ɖe xexea me blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la mawɔ nu dzɔdzɔe oa?"
26 Yehowa ɖo eŋu be, "Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ le Sodom dua me la, ekema mave du blibo la nu ɖe ame dzɔdzɔeawo ta."
27 Abraham gagblɔ be, "Togbɔ be menye ʋuʋudedi kple afi ko hã la, esi medze nuƒoƒo kple wò Aƒetɔ la gɔme xoxo ta la, ɖe mɔ nam mayi edzi ko. 28 Ne àkpɔ ame blaene-vɔ-atɔ̃ ko ɖe, ɖe nàtsrɔ̃ du la ɖe ame atɔ̃ makpɔmakpɔ ta?"
Yehowa gblɔ be, "Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaene-vɔ-atɔ̃ la, nyematsrɔ̃ du la o."
29 Tete Abraham gayi edzi be, "Ne ame dzɔdzɔe blaene koe li ɖe?"
Yehowa ɖo eŋu be, "Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaene la, nyematsrɔ̃ du la o."
30 Abraham gblɔ be, "Meɖe kuku, mègana dzi naku wò o; ɖe mɔ nam maƒo nu. Nenye ame blaetɔ̃ koe nàkpɔ le afi ma ɖe?"
Yehowa ɖo eŋu be, "Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaetɔ̃ pɛ ko la, nyematsrɔ̃ du la o."
31 Abraham yi edzi be, "Zi ale si medo dzi ƒo nu kple Yehowa ko la, na mayi edzi ko. Nenye ame blaeve koe ɖe?"
Yehowa ɖo eŋu be, "Ekema nyematsrɔ̃ du la o, ɖe ame blaeve mawo ta."
32 Mlɔeba la, Abraham gblɔ be, "O, Yehowa, mègado dɔmedzoe o; nya ɖeka sia pɛ koe gale asinye, nenye be ame dzɔdzɔe ewo pɛ ko nàkpɔ ɖe?"
Yehowa ɖo eŋu be, "Ekema le ame ewo mawo ta la, nyematsrɔ̃ du la o."
33 Esi Yehowa wu nya siawo gbɔgblɔ kple Abraham nu la, edzo, eye Abraham trɔ yi eƒe agbadɔ me.