16 eye wògblɔ nɛ be, "Nye, Yehowa, meka atam na wò le nye ŋkɔ dzi be esi nèɖo tom, eye mègbe viwò ŋutsuvi lɔlɔ̃a tsɔtsɔ nam o ta la, 17 makɔ yayra manyagblɔwo ɖe dziwò, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ fũu abe ɣletivi siwo le dziƒo alo ƒutake ene. Wò dzidzimeviwo aɖu woƒe futɔwo dzi, 18 eye woanye yayra na dukɔwo katã le anyigba dzi. Esiawo katã ava eme, elabena èɖo tom."