Publicidade

Gênesis 25

Abraham ƒe ŋkeke mamlɛtɔwo

1 Abraham gaɖe srɔ̃ bubu, ame si ŋkɔe nye Ketura. 2 Edzi Zimram, Yoksan, Medan, Midian, Isbak kple Sua na Abraham. 3 Yoksan dzi Seba kple Dedan. Dedan ƒe viŋutsuwoe nye: Asurim, Letusim kple Leunim. 4 Midian ƒe viŋutsuwoe nye: Efa, Efer, Hanok, Abida kple Elda. Woawoe nye Abraham kple srɔ̃a evelia, Ketura ƒe dzidzimeviwo.

5 Abraham tsɔ eƒe nuwo katã na Isak; 6 ke ena nu vi siwo eƒe ahiãviwo dzi la , eye wòɖo wo ɖe ɣedzeƒe lɔƒo, ale be womanɔ teƒe ɖeka kple Isak o.

7 Abraham ƒe agbenɔƒewo katã ƒe alafa ɖeka blaadre-vɔ-atɔ̃. 8 Abraham mia nu, eye eƒe agbe nu tso le ƒe geɖe xɔxɔ megbe. Enɔ agbe wòde edeƒe, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ. 9 Via ŋutsuwo, Isak kple Ismael, ɖii ɖe kpeto la me le Makpela si te ɖe Mamre ŋu, le Hititɔ Efron, Zoha ƒe vi ƒe anyigba dzi. 10 Teƒe siae Abraham ƒle le Hititɔ la si; afi mae woɖi Abraham kple srɔ̃a ɖo.

11 Le Abraham ƒe ku megbe la, Mawu yayra geɖewo ɖe Isak dzi. Fifia Isak ʋu yi ɖanɔ Beer Lahoi Roi.

Abraham ƒe vi Ismael

12 Esia nye Ismael, Abraham ƒe viŋutsu, ame si Hagar, Egiptetɔ si nye Sara ƒe dɔlanyɔnu dzi na Abraham la ƒe ŋutinya.

13 Ismael ƒe viwoe nye:

Nebayɔt, ame si nye via tsitsitɔ,

Kedar, Adbel, Mibsam,

14 Misma, Duma, Masa,

15 Hadad, Tema, Yetur,

Nafis kple Kedema.

16 Viŋutsu wuieve siawo nye Ismael vi siwo va zu fia na to wuieveawo, eye wotsɔ woƒe ŋkɔwo na toawo.

17 Mlɔeba la, Ismael va ku le esime wòxɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-adre, eye woɖii ɖe tɔgbuiawo gbɔ. 18 Ismael ƒe dzidzimevi siawo kaka ɖe anyigba dzi tso Havila va se ɖe Sur si te ɖe Egipte ƒe liƒowo ŋu le Asiria gome. Wowɔa aʋa edziedzi kple wo nɔewo.

Esau kple Yakob

19 Abraham ƒe vi Isak ƒe dzidzimeviwo ƒe ŋutinya yi ale.

Abraham ye dzi Isak. 20 Isak ƒe blaene esi wòɖe Rebeka, ame si nye Betuel, Arameatɔ tso Padan Aram, Laban nɔvinyɔnu ƒe vi.

21 Isak ɖe kuku na Yehowa be wòana vi ye kple Rebeka, elabena le ƒe geɖewo ƒe srɔ̃gbenɔnɔ me la, womedzi vi o. Mlɔeba la, Rebeka va fu. 22 Edze na Rebeka abe ɖevi evee avu wɔm le eƒe me ene!

Egblɔ be, "Nyemate ŋu ado dzi anɔ te ɖe nu sia nu o." Ale wòbia gbe Yehowa tso eŋu.

23 Yehowa gblɔ be,

"Viŋutsu eve siwo le me na la

azu dukɔ eve siwo aʋli ho kple wo nɔewo.

Ɖeka asesẽ wu evelia,

eye tsitsitɔ azu subɔla na ɖevitɔ."

24 Le nyateƒe me la, edzi evenɔviwo. 25 Ɖa dzĩ gbãtɔ ŋu abe lãfuwue wòdo ene! Ale woyɔe be "Esau." 26 Wodzi ɖevi evelia wòlé Esau ƒe afɔkpodzi ɖe asi. Nu sia tae wona ŋkɔe be Yakob si gɔmee nye, "Nuhala" ɖo. Isak ƒe blaade esi wòdzi evenɔviawo.

Esau dzra eƒe ŋgɔgbevinyenye

27 Esi ɖeviawo tsi la, Esau zu adela xɔŋkɔ aɖe, ke Yakob ya zu ame fafa aɖe si ̃a aƒemenɔnɔ. 28 Ɖeviawo dometɔ si Isak ̃ wu lae nye Esau, le adelã si wòtsɔna vaa aƒe mee ta; ke esi Rebeka ̃ wu lae nye Yakob.

29 Gbe ɖeka la, Yakob detsi ƒom esime Esau gbɔ tso adegbe.

30 Esau bia Yakob be, "Nɔvinye, le wuyem vevie. Na akplẽdzĩ aɖem maɖu." Esia ta wona megbeŋkɔe be "Edom" si gɔmee nye "Akplẽdzĩ."

31 Yakob ɖo eŋu be, "Enyo, ekema tsɔ ŋgɔgbevinyenye nam, eye nàxɔ akplẽdzĩ la."

32 Esau gblɔ be, "Ne le ame aɖe wum wòɖo kudo nu ɖe, viɖe kae gale eƒe ŋgɔgbevinyenye ŋu ?"

33 Yakob edzi gblɔ be, "Enyo, ekema ka atam na Mawu be ŋgɔgbevinyenye la zu tɔnye."

Esau ka atam, eye wòto esia me dzra eƒe ŋgɔgbevinyenye la na nɔvia suetɔ, 34 eye Yakob tsɔ abolo, ayi kple dedetsi na Esau wòɖu, no tsi ɖe edzi, eye wòyi eƒe wɔnawo dzi.

Ke Esau metsɔ ɖeke le eme be yeɖe asi le yeƒe ŋgɔgbevinyenye ŋuti nenema o.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-