Yosef ɖe eɖokui fia nɔviawo
1 Yosef magate ŋu aɖu eɖokui dzi azɔ o. Eɖe gbe na eŋumewo katã be, "Ame sia ame nado go." Ale eya kple nɔviawo koe susɔ. 2 Tete wòde asi avifafa me sesĩe. Egiptetɔwo se eƒe avifafa le fiasã la me, eye eƒe avifafa ƒe nya ɖo Fia Farao ƒe fiasã me enumake.
3 Egblɔ na nɔviawo be, "Nyee nye Yosef! Fofonye gale agbea?" Ke nɔviawo lulũ ale gbegbe be womete ŋu ke nu o.