5 Gake migado dɔmedzoe ɖe mia ɖokuiwo ŋu be yewowɔ nu sia ɖe ŋunye o, elabena Mawue wɔe! Eɖom ɖe afi sia do ŋgɔ na mi, ale be mate ŋu aɖe miaƒe agbe. 6 Ƒe eve koe nye esia dɔwuame la va, eye anɔ anyi wòade ƒe adre esime nuƒaƒã alo nuŋeŋe manɔ anyi o. 7 Mawu ɖom ɖe afi sia be mana miawo kple miaƒe ƒometɔwo miatsi agbe, ale be miate ŋu azu dukɔ gã aɖe.
8 "Ɛ̃, Mawue ɖom ɖe afi sia, menye miawoe o. Ewɔm aɖaŋuɖolae na Farao, eye wòna mezu dzikpɔla na dukɔ la katã kple Egiptenyigba blibo la dzi ɖula.