Pular para o conteúdo
Publicidade

Gênesis 47

7 Emegbe la, Yosef kplɔ fofoa, Yakob va Farao gbɔ, eye Yakob yra Farao.

8 Farao bia Yakob be, "Ƒe neni nèxɔ?"

9 Yakob ɖo eŋu be, "Mexɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃, meto nu sesẽ geɖewo me, eye nyemetsi abe fofonyewo ene haɖe o." 10 Yakob gayra Farao hafi dzo.

11 Ale Yosef tsɔ anyigba nyuitɔ le Egipte, afi si nye Ramesesnyigba la na fofoa kple nɔviawo abe ale si Farao gblɔe ene. 12 Yosef na nuɖuɖu wo ɖe ame siwo dzi kpɔm wole la ƒe xexlẽme nu.

Veja também