Pular para o conteúdo
Publicidade

Yesaya 1:11-17

11 "Miaƒe vɔsa gbogboawo ɖe,

nu ka wonye nam?" Yehowae gblɔe.

"Miaƒe numevɔsa siwo miewɔna

kple agbowo kple lã damiwo ƒe ami la,

wu tsɔtsɔ nam.

Nyitsuwo, alẽwo kple gbɔ̃wo

ƒe ʋu medoa dzidzɔ nam o.

12 Ne miedo ɖe nye ŋkume la,

ame kae bia esia tso mia si be,

mianɔ afɔɖi ƒom nye xɔxɔnuwo?

13 Midzudzɔ vɔsa gbɔlo siawo tsɔtsɔ vɛ!

Miaƒe dzudzɔʋeʋĩwo dodo

medoa dzidzɔ nam o.

Nyemate ŋu atsɔ miaƒe takpekpe vɔ̃ɖi

siwo nye dzinu yeyewo,

Dzudzɔgbewo kple gbeƒãɖeɖe takpegbewo o.

14 Melé fu miaƒe dzinu yeye ŋkekenyuiwo

kple ŋkekenyui bubuawo.

Wozu agba nam, eye nu ti kɔ nam le wo tsɔtsɔ me.

15 Ne miele gbe dom ɖa,

keke miaƒe abɔwo me la,

maɣla nye ŋkume ɖe mi,

eye ne mieli kɔ gbedodoɖa gleglegle hã la,

nyemaɖo to mi o,

elabena miaƒe asiwo ƒo ʋu.

16 "Mile tsi ne mia ŋuti nakɔ.

Miɖe miaƒe nu vɔ̃ɖiwo ɖa le nye ŋkume!

Midzudzɔ vɔ̃wɔwɔ,

17 ne miasrɔ̃ nyuiwɔwɔ!

Midi nuteƒewɔwɔ, eye mide dzi ƒo na

ame siwo wote ɖe anyi.

Miʋli tsyɔ̃eviwo ta,

eye miaxɔ nya ɖe ahosiwo nu.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.