12 Aleke nèhege tso dziƒoe, o ŋukeɣletivi!
Wokɔ wò ƒu gbe ɖe anyigba dzi;
wò ame si te dukɔwo ɖe anyi kpɔ!
13 Ègblɔ le wò dzi me be,
"Malia nu ayi ɖe dziƒo.
Mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo tame.
Manɔ nye fiazikpui dzi le takpekpeto la dzi,
le to kɔkɔe la tame ʋĩi ke.
14 Malia ayi ɖe lilikpowo tame ke,
eye mawɔ ɖokuinye be masɔ ta kple Dziƒoʋĩtɔ la."
15 Ke wohe wò ƒu gbe ɖe yɔ me,
ɖe tsiẽƒe ƒe gogloƒe ke.