Publicidade

Isaías 58

Nutsitsidɔ vavãtɔ

1 "Gblɔe kple ɣli, mègadzudzɔ o.

gbe dzi abe kpẽ ene.

Gblɔ nye dukɔ ƒe aglãdzedze

kple Yakob ƒe aƒe la ƒe nu ̃wo .

2 Wole diyem gbe sia gbe.

Edze abe ɖe wotsi dzi be woanya nye mɔwo

abe ɖe wonye dukɔ si wɔa nu dzɔdzɔe,

eye womeŋlɔ woƒe Mawu ƒe sewo be o la ene.

Wole afiatsotso dzɔdzɔe dim tso gbɔnye,

eye wòdze abe ɖe wotsi dzi

be Mawu nate ɖe wo ŋu kpokploe ene.

3 Wobiana be, Nu ka ŋuti míetsi nu ,

gake mède nu eme na o,

eye míebɔbɔ mia ɖokuiwo,

gake mède dze sii o?

"Evɔ gbe si gbe mietsi nu la,

miewɔ nu si dze mia ŋu,

eye mieba miaƒe dɔwɔlawo katã.

4 Miaƒe nutsitsidɔ la wua enu kple dzrewɔwɔ,

kple avuwɔwɔ, gawu la,

mietu mia nɔewo tamesesẽtɔe

kple miaƒe asi ̃ɖiwo.

Migakpɔ be ne mietsi nu nenema la,

woase miaƒe gbe le dziƒo o.

5 Ɖe esia nye nutsitsidɔ si tɔgbi melɔ̃na be

ame nabɔbɔ eɖokui le ŋkeke ɖeka ko mea?

Tadede agu abe keti ene,

akpanyadzimɔmlɔ kple dzofimemɔmlɔ

koe nye nutsitsidɔa?

Eya yɔm nèle be nutsitsidɔ

kple ŋkeke si dzea Yehowa ŋua?

6 "Ɖe menye esiae nye nutsitsidɔ si metia oa,

be woaɖe nu madzɔmadzɔwo ƒe gakɔsɔkɔsɔwo ɖa,

woatu kɔkuti ƒe kɔsasawo,

ne woana ablɔɖe ame siwo wote ɖe to,

eye woaŋe kɔkuti ɖe sia ɖe oa?

7 Ɖe menye eyae nye be nàna nuɖuɖu dɔwuitɔwo,

ana nɔƒe ame dahe si le tsaglãla tsam,

ne èkpɔ ame aɖe wòle amama la, nàta avɔ ,

eye màtrɔ megbe ade ŋutɔ

ŋutilã kple ʋu oa?

8 Ekema kekeli adze abe agudzedze ene,

eye dɔyɔyɔ ado kaba.

Ekema dzɔdzɔenyenye adze ŋgɔ na ,

eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe axe megbe na .

9 Ekema àyɔ Yehowa, eye wòatɔ na .

Àdo ɣli be wòaxɔ na , eye wòagblɔ be,

Nyee nye esi.

"Ne èɖe teteɖeanyi ƒe kɔkuti ɖa,

asifiafia ame kple ameŋugblẽnyawo gbɔgblɔ,

10 ne ètsi nu hetsɔ nuɖuɖu na dɔwuitɔ,

eye nèkpɔ ame siwo wote ɖe anyi la

ƒe hiahiãwo gbɔ la,

ekema kekeli adze le viviti me,

eye anɔ abe ŋdɔkutsu ene.

11 Yehowa akplɔ ɖaa.

Akpɔ hiahiãwo gbɔ le kuɖiɖinyigba dzi,

eye wòado ŋusẽ ameti blibo la.

Ànɔ abe abɔ si wode tsii nyuie

kple vudo si memiena o ene.

12 amewo agbugbɔ blemaƒedowo atu,

eye woaɖo gli ɖe gbe aɖe gbe tɔwo

ƒe gɔmeɖokpe xoxowo dzi.

Woayɔ be Gli gbagbãwo ɖɔɖola

kple mɔtata siwo to duwo me la dzraɖola.

13 "Ne èhe ɖe megbe tso Dzudzɔgbe ŋkeke la gbegblẽ gbɔ,

ne mèwɔ nu si dze ŋuwò le ŋkeke kɔkɔe la dzi o,

ke boŋ nèkpɔ dzidzɔ le Dzudzɔgbe ŋkeke la ŋu,

eye nède bubu Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe la ŋu,

ne ède bubu eŋu, mèlé tsɔ o,

ne mèwɔ nu si dze ŋuwò,

alo gblɔ nya dzodzrowo o la,

14 ekema àkpɔ dzidzɔ le Yehowa me,

eye mana be nàɖi tsa ade anyigba

ƒe kɔkɔƒewo ahaɖu fofowò,

Yakob ƒe domenyinu."

Yehowa ƒe nue gblɔe.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-