Pular para o conteúdo
Publicidade

Yesaya 9:1-6

Wodzi ŋutsuvi na mí

1 Ke hã la, blukɔdodo ƒe ɣeyiɣi kple dziɖeleameƒo ƒe ɣeyiɣi manɔ anyi ɖikaa o. Tsã la, èbɔbɔ Zebulonyigba kple Naftalinyigba ɖe anyi. Ke le ɣeyiɣi siwo gbɔna me la, ade bubu dukɔ siwo le Ƒutamɔ dzi kple esiwo le Yɔdan godo la ŋu.

2 Dukɔ si le viviti me zɔm la kpɔ kekeli gã aɖe,

ame siwo le blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe anyigba dzi la, kekeli klẽ na wo.

3 Èdzi dukɔ la ɖe edzi, eye nèdzi woƒe dzidzɔkpɔkpɔ hã ɖe edzi.

Wokpɔ dzidzɔ le ŋkuwòme abe ale si

amewo kpɔa dzidzɔ le nuŋeɣi

kple abe ale si amewo kpɔa dzidzɔ ne

wole aboyonu mam la ene.

4 Ale si wònɔ le Midiatɔwo ŋɔli ene la,

ègbã kɔkuti si nye agba la na wo,

èɖe kɔsɔkɔsɔ si le kɔ na wo

kple ame siwo te wo ɖe anyi la ƒe ameƒoti ɖa.

5 Woatɔ dzo aʋawɔlawo ƒe afɔkpawo kple awu si bliba

ʋu le aʋa me la, eye dzo afia wo,

6 elabena wodzi vi na mí, wona ŋutsuvi mí.

Dziɖuɖu le eƒe abɔta,

eye woda fianyenye ƒe bubuŋkɔwo ɖe edzi be,

"Nukunu, Aɖaŋudela, Mawu Kalẽtɔ,

Fofo Mavɔ kple Ŋutifafafia."

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.