Pular para o conteúdo
Publicidade

Lucas 18

Lododo le Farisitɔ kple nudzɔla la ŋu

9 Azɔ Yesu do lo sia na ame siwo dana be yewonye ame dzɔdzɔewo, eye womekpɔa ame bubu ɖe naneke me o la be, 10 "Ame eve aɖewo yi gbedoxɔ me be yewoado gbe ɖa. Ɖeka nye Farisitɔ, eye evelia nye nudzɔla aɖe. 11 Farisitɔ la do gbe ɖa be, Meda akpe na Mawu be nyemenye nu ̃ wɔla abe ame bubuwo ene o, adzodalawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo, vevietɔ abe nudzɔla si le afi ɖa ene o. 12 Metsia nu dɔna zi eve le kɔsiɖa ɖeka me, eye metsɔa nye nukpɔkpɔwo ƒe ewolia naa Mawu.

13 "Gake nudzɔla la tsitre ɖe adzɔge afi aɖe ke, eye melɔ̃ be yeawu mo dzi akpɔ dziƒo o; ke boŋ eƒo akɔta hegblɔ be, Mawu, kpɔ nublanui na nye nu ̃ wɔla sia.14 Mele egblɔm na mi be nudzɔla sia trɔ yi aƒe me kple dzidzɔ, elabena Mawu tso afia . Ke wometsɔ Farisitɔ la ƒe nu ̃ kee o, elabena woabɔbɔ dadalawo katã ɖe anyi eye woado ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la ɖe dzi."

Veja também