Pular para o conteúdo
Publicidade

Lucas 9

38 Ŋutsu aɖe si wo dome la gbe dzi gblɔ be, "Nufiala, meɖe kuku na be nàkpɔ vinye ŋutsuvi sia ɖa; eya koe nye vi le asinye. 39 Ke gbɔgbɔ ̃ aɖe dzea edzi enuenu esi wɔnɛ be wòdoa ɣli sesĩe. Etsɔnɛ xlãna ɖe anyi sesĩe, ale be futukpɔ dona le enu bɔbɔbɔ. Gbɔgbɔ ̃ sia ɖea fu ɣe sia ɣi kloe, eye menana wòkpɔa vovo kura o. 40 Meɖe kuku na nusrɔ̃lawo be woanyae le eme, gake womete ŋui o."

41 Yesu edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, "O! Mi xɔse ʋɛ kple dzi me makɔmakɔtɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi, eye mado dzi ahe mi ase ɖo? Kplɔ viwò ŋutsuvi la va afii."

42 Esi ŋutsuvi la gbɔna ɖe Yesu gbɔ la, gbɔgbɔ ̃ la gaxlãe ɖe anyigba sesĩe, eye wònyamae ŋutɔ. Ke Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ ̃a be wòado go le ɖevia me, eye wòdo le eme enumake; ale Yesu da gbe le ɖevia ŋu hetsɔe na fofoa. 43 Ame sia ame ƒe mo yaa le ale si Yesu ɖe Mawu ƒe ŋusẽ fiae la ta.

Yesu gblɔ nya tso eƒe ku ŋu zi evelia

Esi ameha la nu ƒom le nu wɔnuku siwo katã wɔm wònɔ ŋu la, Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo gbɔ, gblɔ na wo be,

Veja também