Publicidade

Miquéias 7

Israel ƒe nublanuitɔnyenye

1 Baba nam!

Elabena mele ko abe ame aɖe si

le kutsetse dim vevie le ati dzi

le esi nuŋeɣi nu va yi la ene.

Elabena nyemekpɔ kutsetse ɖiɖi aɖeke agbe,

aɖu, atsɔ atsi nye dɔwuame nu o.

2 Alea kee ame nyuiwo le anyigba la dzi.

Mate ŋu akpɔ ame ɖɔʋu ɖeka ̃ɔ o.

Ame sia ame le klalo be yeakɔ ʋu ɖi

eye ame sia ame ɖo ɖɔ ɖi na nɔvia.

3 Woƒe asi eveawo bi ɖe nu ̃ɖi wɔwɔ me.

Dziɖula xɔa zãnu eye ʋɔnudrɔ̃la tsoa afia

na ame si na zãnue.

Kesinɔtɔwo ɖoa nu si dim wole;

ale ame siawo blaa nu ɖekae hewɔna.

4 Ame nyuitɔ si nàkpɔ le wo dome la le ko abe ŋu si tɔa

ame ene eye woƒe nuteƒewɔla ̃ɖi wu ŋukpɔtɔtɔ.

Ke miaƒe gbetakpɔlawo ƒe ŋkeke la ɖo .

Gbe si gbe Mawu ava asrã mi kpɔ la tu aƒe.

Azɔ ɣeyiɣi si tɔtɔ aɖo wo dome la ɖo .

5 Mègaxɔ aƒelika dzi se o.

Mègaɖo dzi ɖe ̃ŋu o.

Nya ale si nàƒo nu le nyɔnu si

le akɔwò nu la ̃ gbɔ

6 elabena viŋutsu made bubu fofoa ŋu o;

vinyɔnu adze aglã ɖe dadaa ŋu

eye ̃xoyɔvi atso ɖe ̃xoa ŋu.

Ame ƒe futɔwo atso eya ŋutɔ ƒe aƒe me.

7 Ke nye la, mele ŋudzɔ le kpɔm na Yehowa.

Mele lalam na Mawu, nye Ɖela.

Ɛ̃, nye Mawu aɖo tom .

Israel agatsitre

8 O nye futɔ, dzi megadzɔ le nye anyidzedze ŋuti o;

togbɔ be medze anyi la,

magafɔ ɖe tsitre!

Ne menɔ anyi ɖe viviti tsiɖitsiɖi me ,

Yehowa ŋutɔ anye nye kekeli.

9 Esi meda vo ɖe Yehowa ŋuti ta la

mabɔbɔ ɖe eƒe dɔmedzoe te va se ɖe esime wòadrɔ̃ nye nya

eye wòatso afia nam, ekema akplɔm va kekeli me

eye makpɔ eƒe dzɔdzɔenyenye.

10 Ekema nye futɔ akpɔe eye ŋu akpee.

Eya ame si bia be,

"Afi ka Yehowa Mawu la le?"

Azɔ mekpɔ eƒe anyidzedze kple nye ŋkuwo

kple ale si woanyamae abe ba ene.

11 Ŋkeke si dzi woatu duwo la ava

eye ŋkeke na liƒowo ƒe keke ɖe edzi gbɔna.

12 Ɣe ma ɣi la, amewo atso Asiria

kple Egipte ƒe duwo me ava

eye ɖewo atso Egipte va se ɖe

keke Frat tɔsisi la nu.

Gawu la, amewo atso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu,

tso to dzi yi to dzi, ava kpɔ ɖa.

13 Ke anyigba aɖi gbɔlo le edzinɔlawo ƒe nu ̃wo ta.

Gbedodoɖa kple kafukafu

14 O Yehowa, va kplɔ dukɔ kple atizɔti,

alẽha si nye domenyinu;

alẽha si eɖokui si le avewo me

kple lãnyiƒe damawo dzi.

Na woaɖu gbe damawo le Basan

kple Gilead abe tsã ene.

15 "Abe ale si wònɔ le ŋkeke

siwo me nèdo go tso Egipte ene la,

mafia wo nye nukunuwo."

16 Dukɔwo akpɔe eye ŋukpe alé wo

elabena woƒe ŋusẽwo katã nu ayi.

Woatsɔ woƒe asiwo aɖo nu eye woƒe towo atsi.

17 Woaɖu ʋuʋudedi abe da

kple nu gbagbe siwo tana le anyigba la ene.

Woado le woƒe dowo me kple vɔvɔ̃,

atrɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la

ŋu eye woavɔ̃ miawo .

18 Afi ka woagakpɔ Mawu bubu le

wòanɔ abe si tsɔa

domenyinu mamlɛawo ƒe nu ̃wo

kple dzidadawo kena la ene?

Mèdoa dɔmedzoe ɖikaa o, ke boŋ

èkpɔa dzidzɔ le amenuveve ŋuti.

19 Àgakpɔ nublanui na ,

atiti afɔ ɖe míaƒe nu ̃wo dzi

eye àtsɔ míaƒe dzidadawo katã

aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke!

20 Àwɔ nuteƒe na Yakob,

eye àkpɔ nublanui

na Abraham abe ale si nèka atam

na mía fofowo tso blema ke ene.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-