Pular para o conteúdo
Publicidade

Números 5

Se le ame makɔmakɔwo ƒe asaɖamenɔnɔ ŋu

1 Yehowa gblɔ na Mose be, 2 "Ɖe gbe na Israelviwo be woaɖe ame siwo katã nye anyidzelawo kple ame siwo katã ŋu tsi ƒomevi aɖe le dodom le kple ame siwo katã gblẽ ɖo le ame kuku aɖe ta la ɖa le asaɖa la me. 3 Woawɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa nenema. Miɖe wo ɖa ale be womagblẽ ɖo na asaɖa la, afi si mele le mia dome la o." 4 Ale Israelviwo Yehowa ƒe se la dzi eye woɖe ame siawo katã ɖa le asaɖa la me.

Teƒeɖoɖo na vodadawo

5 Yehowa gblɔ na Mose be, 6 "Gblɔ na Israelviwo be: Ne ŋutsu alo nyɔnu da vo ɖe ame aɖe ŋu le aɖe nu eye wòto nu ma me meɖi anukware na Yehowa o la, ame ma ɖi . 7 Ele be wòaʋu eƒe nu ̃ me eye wòaxe fe ɖe nu ̃ si wòwɔ la ta. Gawu la, agbugbɔ nu la na nutɔ eye wòagatsɔ nu la ƒe home akpa atɔ̃lia ƒe ɖeka akpee na nutɔ la. 8 Ke ne ame si ŋu wòwɔ nu ̃ ɖo la ku eye eƒe ƒometɔ gobii aɖeke meli wòaxe fea na o la, ekema axee na Yehowa to nunɔla dzi eye wòagana alẽ ɖeka hena avuléle. 9 Nu kɔkɔe ɖe sia ɖe si Israelviwo atsɔ na nunɔla aɖe la, anye nunɔlaa . 10 Ame sia ame ƒe nu kɔkɔewo nye eya ŋutɔ , ke esi wòatsɔ na nunɔla la, anye nunɔla la .’ "

Dodokpɔ na srɔ̃nyɔnu si ahasi

11 Eye Yehowa gblɔ na Mose be, 12 "Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, Ne ŋutsu aɖe srɔ̃ tra , meɖi anukware o, 13 eye ŋutsu bubu de asi eŋu, nu sia le ɣaɣla ɖe srɔ̃a, eye womenya be egblẽ ɖo o (elabena ɖasefo aɖeke meli ɖe eŋu o, eye womelée asiasi o), 14 ne ŋutsu la le ŋu ʋãm, eye wòbu be ye srɔ̃ gblẽ ɖo, alo ne eʋã ŋu togbɔ be srɔ̃a megblẽ ɖo o la, 15 ele be ŋutsu la nakplɔ srɔ̃a ayi nunɔla gbɔ. Nu si wòana nunɔla ɖe srɔ̃a tae nye luwɔ lita ɖeka. Womakɔ ami kple dzudzɔdonu ɖe edzi o, elabena enye nuɖuvɔsa ɖe ŋuʋaʋã ta kple ŋkuɖodzivɔsa si ahe woƒe susu ayi ɖe fɔɖiɖi gbɔe.

16 " Nunɔla la akplɔ nyɔnu la ayi Yehowa ŋkume, 17 aku tsi kɔkɔe ɖe anyikplu aɖe me, eye wòaku agbadɔ la me ke akɔ ɖe tsi la me. 18 Ne nunɔla la na nyɔnu la tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume la, akaka ɖa ɖe ta na nyɔnu la, atsɔ ŋkuɖodzivɔsa kple nuɖuvɔsa na ŋuʋaʋã ade nyɔnu la ƒe asi me. Ke nunɔla la ŋutɔ alé tsi veve si hea fiƒode vaa ame dzi la ɖe asi. 19 Nunɔla la ana nyɔnu la naka atam, eye wòagblɔ be, "Ne ŋutsu bubu aɖeke medɔ kpli o, ne mèda afɔ, hegblẽ ɖo na ɖokuiwò esi nèle atsuƒe na srɔ̃o la, ekema tsi veve sia, si hea fiƒode vaa ame dzi la, megagblẽ nu le ŋutiwò o. 20 Ke ne èda afɔ esime nèle srɔ̃gbɔ, nègblẽ ɖo, eye ŋutsu bubu, ame si menye srɔ̃o la de asi ŋuwò la," 21 ekema nunɔla la aka atam agblɔ fiƒodenyawo na nyɔnu la be, "Yehowa nana amewo naƒo fi ade , eye woagbe nu le gbɔwò; nena be ataŋuyi naflo ɖa, eye ƒo nadzi ɖe nuwò. 22 Tsi sia si hea fiƒode vaa ame dzi la nage ɖe lãme na ale be ƒodo nate ɖe nuwò, eye ataŋuyi naflo ɖa." 

" Ekema nyɔnu la axɔ ɖe edzi be, "Amen, neva eme nenema."

23 " Ekema nunɔla la aŋlɔ fiƒode siawo ɖe agbalẽ me, eye wòakpala nuŋɔŋlɔ la ɖe tsi veve la me. 24 Nunɔla la ana nyɔnu la nano tsi veve si hea fiƒode vaa ame dzi la, tsi sia age ɖe eƒe lãme, eye wòana fukpekpe kple vevesese nava eya amea dzi. 25 Le esia megbe la, nunɔla la axɔ nuɖuvɔsa na ŋuʋaʋã le nyɔnu la si, anyee le yame le Yehowa ŋkume, eye wòatsɔe ada ɖe vɔsamlekpui la dzi. 26 Nunɔla la aku nuɖuvɔsa la ƒe asiʋlo ɖeka abe ŋkuɖodzivɔsa ene, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi. Azɔ la, ana nyɔnu la nano tsi la. 27 Ne nyɔnu la gblẽ ɖo, eye meto nyateƒe na srɔ̃a o, evɔ wona wòno tsi si hea fiƒode vaa ame dzi la, tsi la age ɖe eƒe lãme, eye wòase veve vevie. Eƒe ƒodo adzi ɖe enu, eƒe ataŋulã aflo ɖa, eye wòazu ɖiŋudonu le eƒe amewo dome. 28 Ke ne nyɔnu la megblẽ ɖo o, eye wòdza la, woatso afia , eye wòagate ŋu adzi vi.

29 " Esiae nye ŋuʋaʋãŋutise ne nyɔnu aɖe da afɔ, eye wògblẽ ɖo, esi wòle atsuƒe, 30 alo ne ŋuʋaʋã ŋutsu aɖe me, elabena ebu nazã ɖe srɔ̃a ŋu. Nunɔla la ana nyɔnu la natsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume, eye wòawɔ se sia katã me na nyɔnu la. 31 Womaɖe agɔdzedze aɖeke na srɔ̃ŋutsu la o, gake nu ̃ yomedzenu anɔ nyɔnu la dzi.’ "

Veja também