Publicidade

Bíblia

Por Bíblia Online

A Bíblia é a Palavra de Deus — viva, eficaz e mais cortante que espada de dois gumes. Toda Escritura é inspirada por Deus e útil para ensinar, repreender, corrigir e instruir em justiça.

Inspiração divina

Toda Escritura é inspirada por Deus. Homens santos falaram da parte de Deus movidos pelo Espírito Santo.

Mawu tsɔ eƒe nya la na to eƒe Gbɔgbɔ si le amewo me la dzi, eya ta Biblia nyo hena nufiafia tso nu siwo nye nyateƒe la ŋu kple ale si wòana míadze si nu siwo nye nu ̃ le míaƒe agbenɔnɔ me. Edaa ɖe dzɔdzɔe dzi, eye wòkpena ɖe mía ŋu be míawɔ nu si nyo, eye wòdze. Eyae nye Mawu ƒe si dzraa ɖo nyuie le go sia go me hena nyuiwɔwɔ na ame sia ame.

Ènya ale si, esi nènye ɖevi sue la, wofia Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la , nu siawo na nèdze nunya be nàkpɔ Mawu ƒe ɖeɖe to Kristo Yesu dzixɔse me. Mawu tsɔ eƒe nya la na to eƒe Gbɔgbɔ si le amewo me la dzi, eya ta Biblia nyo hena nufiafia tso nu siwo nye nyateƒe la ŋu kple ale si wòana míadze si nu siwo nye nu ̃ le míaƒe agbenɔnɔ me. Edaa ɖe dzɔdzɔe dzi, eye wòkpena ɖe mía ŋu be míawɔ nu si nyo, eye wòdze. Eyae nye Mawu ƒe si dzraa ɖo nyuie le go sia go me hena nyuiwɔwɔ na ame sia ame.

Gawu la, ele be miase egɔme be nyagblɔɖi aɖeke mele mawunya me si va eme to Mawu ƒe gbeƒãɖela la ŋutɔ ƒe nyameɖeɖe me o. Elabena nyagblɔɖi ƒe dzɔtsoƒe metso amegbetɔ ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ ame xɔa gbe tso Mawu gbɔ abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe ene.

sesĩe ale be Mawu nate ŋu agblɔ na be, "nyui wɔla, wòe le nyui wɔwɔ dzi." Nye dɔwɔla nyui, ame si ŋu makpe ne Mawu do dɔwɔwɔ kpɔ o. Nànya nu si eƒe nyateƒenya la gblɔ kple nu si wòfia.

nàɖe gbeƒã Mawu ƒe nya la kple vevidodo nu ɣeawo katã ɣi, ɣe sia ɣi si nàkpɔ mɔnu ko, vovo li o, vovo meli o. Fia nyuitɔwo, eye nàka mo na amewo ne ehiã. Do ŋusẽ wo be woawɔ nu si dze, eye nàtsɔ Mawu ƒe nya anyi wo kple dzigbɔɖi ɣe sia ɣi.

Va se ɖe esime mava mia gbɔ la, xlẽ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la na hame la, eye nàɖe eme na wo; gblɔ Mawu ƒe nya la ɣe sia ɣi.

Poder da Palavra

A Palavra de Deus é viva e eficaz. O céu e a terra passarão, mas as minhas palavras jamais passarão.

Elabena Mawu ƒe nya la le agbe le wɔm. Eɖana wu nuevee ɖe sia ɖe, eƒona ɖe ame yina ɖe eme ke, hemaa luʋɔ kple gbɔgbɔ me, maa ƒunukpeƒewo kple ƒutomemiwo dome, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu tamesusuwo kple dzimedidiwo.

"Dziƒo kple anyigba nu ava yi, gake nye nyawo anɔ anyi ɖaa.

Yesu ɖo eŋu be, "Woŋlɔe ɖi be, Menye nuɖuɖu ɖeɖe ko ŋu amegbetɔ anɔ agbe ɖo o, ke boŋ nya sia nya si Mawu gblɔ la ŋutie.’ "

Abe ale si tsi kple tsikpe dzana tso dziƒoe,

eye megatrɔna yia dziƒo o,

negbe ɖe wode tsi anyigba

kple nuku siwo le edzi

be woatse ku nyuiwo na agbledela,

eye woanye abolo na ame si aɖui ene la,

nenema kee nye,

nye nya si do le nye nu me,

matrɔ agbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o;

negbe ɖe wòwɔ nu si medi

kple nu si ta medɔe ɖo la hafi.

wo ŋu kple nyateƒe la, elabena nya la nye nyateƒe.

Miedzroa mawunya la me tsitotsito, elabena miexɔ se be miakpɔ agbe mavɔ le eme. Evɔ mawunya siae ɖi ɖase le ŋutinye,

ke Aƒetɔ la ƒe nya la nɔa anyi yi ɖe mavɔ me."

Ke esiae nye nya si wogblɔ na mi la.

Aleke ɖekakpui awɔ,

be eƒe dzi nanɔ dzadzɛe ɣe sia ɣi?

To agbenɔnɔ ɖe nya la nu mee.

nyawo katã nye nyateƒe,

eye dzɔdzɔenyenye ƒe sewo katã nye se mavɔwo.

ש Sin kple Shin

Estudar e pregar

Os bereanos examinavam as Escrituras diariamente. Procura apresentar-te a Deus aprovado como obreiro que maneja bem a Palavra.

Bereatɔwo ɖɔ ʋu wu Tesalonikatɔwo, elabena woɖo to Paulo ƒe nyagbɔgblɔ kple dzidzɔ. Woawo ŋutɔwo nɔa mawunya la me dzrom ɣe sia ɣi be yewoakpɔe ɖa be nyateƒenya gblɔm Paulo mahã.

Paulo yi ƒuƒoƒe sia abe ale si wòwɔna ɖaa ene, eye Dzudzɔgbe etɔ̃ katã wòyi ɖaɖe mawunya me na ameawo. Paolo ɖe eme, eye wòɖo kpe edzi na wo be ele na Kristo la be wòakpe fu, eye wòatsi tsitre tso ame kukuwo dome. Eyi edzi be, "Yesu si ƒe nya gblɔm mele na mi lae nye Kristo la."

Esi wòɖe abla te ɖe tasiaɖam la ŋu, eye wòse be ele Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm la, Filipo biae be, "Èse nu si xlẽm nèle la gɔmea?"

Etiopia ŋutsu la ɖo eŋu be, "Ao, nɔvi, aleke mate ŋu ase egɔme esi ame aɖeke meli aɖe eme nam o?" Azɔ eɖe kuku na Filipo be wòage ɖe tasiaɖam la me anɔ ye xa. Filipo nenema.

Biblia ƒe akpa si xlẽm wònɔ la gblɔ be,

"Wokplɔe abe alẽvi ene yina wuwu ge,

eye abe ale si alẽvi nɔa anyi kpoo ne wole eƒe fũwo sẽm ene la,

nenema ke eya , meke nu kura o.

Tete Filipo mawunya si wòxlẽ la kple bubuwo ŋu hegblɔ nyanyui la le Yesu ŋu.

Ezra tsɔ eɖokui na Yehowa ƒe Se la sɔsrɔ̃ kple emeléle ɖe asi eye nenema kee wòtsɔ eɖokui na eƒe sededewo kple ɖoɖowo fiafia le Israel.

Yesu gblɔ na wo be, "Mi ame manyanuwo! Esesẽna na mi be miaxɔ nya siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi la dzi ase! Alo mele na Kristo be wòakpe fu siawo katã hafi age ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me o mahã?" Ale Yesu gblɔ Mawunya geɖewo na wo tso Mose dzi va se ɖe Nyagblɔɖila bubuawo katã dzi, eye wòɖe akpa siwo ku ɖe eya ŋutɔ ŋu la me na wo.

Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, "Wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba la katã de asi nam, eya ta miyi ɖawɔ amewo le dukɔ ɖe sia ɖe me woanye nye nusrɔ̃lawo; miade mawutsi ta na wo le Fofo la, Vi la kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me. Miafia nu nusrɔ̃la yeye siawo be woawɔ ɖe se siwo katã mede na mi la dzi, eye kakaɖedzi nenɔ mia si ɣe sia ɣi be meli kpli mi ɣe sia ɣi va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu."

Miyi miagblɔ na wo be dziƒofiaɖuƒe la ɖo .

Revelação e fidelidade

A Palavra do Senhor veio aos profetas. A graça de Deus se manifestou na Escritura para a salvação de todos.

Yehowa ƒe nya va na Eliya bena,

Esiae nye gbedeasi si va na Yoel, Petuel ƒe vi, tso Yehowa gbɔ.

Yehowa ƒe nya va na Yeremia be,

Esia nye Yehowa ƒe nya si wògblɔ na Israel dukɔa to Nyagblɔɖila Malaki dzi. Wolɔ̃ Yakob, eye wolé fu Esau.

Yehowa ƒe gbe gava na Zekaria be,

Tete Yehowa ƒe gbe va na Yesaya be:

Yehowa ƒe dɔmenyo ƒe ƒe

Aƒetɔ Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye,

elabena Yehowa si ami nam,

be magblɔ nyanyui la na ame dahewo.

Edɔm ɖa be mayɔ ame siwo ƒe dzi gbã.

Maɖe gbeƒã ablɔɖe na aboyomewo,

eye woaɖe ga gamenɔlawo tso viviti me;

ne maɖe gbeƒã.

Yehowa ƒe dɔmenyo ƒe ƒe la

kple míaƒe Mawu la ƒe hlɔ̃biaŋkeke,

eye mafa akɔ na konyifalawo.

Edɔm be mana nu Zion ƒe nuxalawo,

ne maɖɔ atsyɔ̃fiakuku na wo ɖe dzofi teƒe,

dzidzɔkpɔkpɔ ƒe ami ɖe nuxaxa teƒe,

kafukafu ƒe awu ɖe gbɔgbɔ

si bu mɔkpɔkpɔ teƒe.

Woayɔ wo be dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo,

ati siwo Yehowa ŋutɔ do,

be yeatsɔ aɖe yeƒe bubu afiae.

Viver pela Palavra

Não só de pão vive o homem. Nada acrescentes nem diminuas. A Palavra é alimento, guia e espada do cristão.

"Kpɔtsɔtsɔ mele Mawu ƒe nya aɖeke ŋu o;

enye akpoxɔnu na ame siwo sii tso.

Mègatsɔ nya kpe eƒe nyawo o,

ne menye nenema o la, aka mo na

eye woakpɔe be ènye alakpatɔ.

Mele nu xlɔ̃m ame sia ame si le agbalẽ sia me nyagblɔɖiwo sem la be: Ne ame aɖe atsɔ nane akpe wo la, Mawu ana dɔvɔ̃ siwo katã ƒe nya woŋlɔ ɖe agbalẽ la me la nava edzi, eye ne ame aɖe aɖe nya aɖewo le nyagblɔɖigbalẽ sia me la, Mawu mana wòakpɔ gome le agbeti la kple du kɔkɔe si ŋuti woƒo nu le le agbalẽ sia me la me o.

Nyanyui bubu aɖeke megali o

Ewɔ nuku nam ŋutɔ be miele mia ɖokuiwo hem ɖa kaba alea tso Mawu, ame si mi be miakpɔ gome le agbe mavɔ si wòna to Kristo ƒe amenuveve me la gbɔ. Miedze nyanyui bubu aɖe yome, evɔ la, nyanyui bubu aɖeke megali wu esi míefia mi o. Ame siwo dzea ŋe Kristo ƒe nyateƒe la, eye wotrɔnɛ la le mia flum.

Nenye míawo alo mawudɔla aɖe tso dziƒo ̃ va gblɔ nyanyui bubu aɖe si to vovo tso esi míegblɔ na mi gbɔ la, Mawu ƒe fiƒode neva amea dzi. Abe ale si míegblɔe va yi ene la, megale egblɔm be: ne ame aɖe gblɔ nyanyui bubu aɖe wu esi miexɔ la, Mawu ƒe fiƒode neva ame ma dzi.

Nenɔ susu me na mi be míaƒe Aƒetɔ la ƒe dzigbɔɖi nye miaƒe ɖeɖe, abe ale si mía nɔvi lɔlɔ̃ Paulo ŋlɔ na mi kple nunya si Mawu la ene. Eŋlɔ nu siawo ɖe eƒe agbalẽwo katã me, eye wòƒoa nu tso nu siawo katã ŋu. Nanewo le eƒe agbalẽawo me siwo ƒe gɔmesese sesẽ, esi ame manyanuwo kple ame malikewo blua afɔ na, abe ale si wowɔna na mawunya bubuwo ene, hena woawo ŋutɔ ƒe tsɔtsrɔ̃.

Ele be nu siwo woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me gbe aɖe gbe ke la nafia dzigbɔɖi , eye woade dzi ƒo na , ale be míanɔ kpɔm na ɣeyiɣi si Mawu aɖu nu ̃ kple ku dzi la.

Azɔ aleke woayɔ ame si dzi womexɔ se o la mahã? Eye aleke woate ŋu axɔ edzi ase ne womese nu tso eŋu kpɔ o? Eye aleke woawɔ ase nya tso eŋu ne ame aɖeke megblɔe na wo o? Eye aleke ame aɖe aɖe gbeƒã tso Kristo ŋu ne womedɔe o? Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, "Ame siwo ɖea gbeƒã nyanyui la ƒe afɔwo nya kpɔna loo!"

Gake menye Israeltɔwo katãe nyanyui la dzi se o, elabena Yesaya gblɔ be, "Aƒetɔ, ame kae míaƒe nyawo dzi se mahã?" Ke xɔse vana na ame to nyanyui la sese me, eye nyanyui la tsoa Mawu ƒe nya me vana.

Elabena nyanyui si tso Kristo ŋuti la mekpea ŋu nam o. Eyae nye Mawu ƒe ŋusẽ si nana be ame sia ame si Kristo dzi se la nakpɔ xɔxɔ. Gbã la, wogblɔ nya siawo na Yudatɔwo ɖeɖe ko, emegbe la, wogblɔe na ame siwo menye Yudatɔwo o la . Nyanyui sia ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye fia, dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe ene be, "Ame dzɔdzɔe anɔ agbe to xɔse me."

Le nyateƒe me la, míawo la míexɔ xexeme ƒe gbɔgbɔ la o. Mawu tsɔ eya ŋutɔ ƒe Gbɔgbɔ na be wòaɖe Mawu ƒe dɔmenyo ƒe nunana si nye eƒe yayra kple amenuveve manyagblɔ la afia . Nya siwo tututu Mawu ƒe Gbɔgbɔ la gblɔ na la, woawoe míetsɔ ɖe nya me na mi le nunana siawo ŋu, ke menye nya siwo dze mía ŋutɔwo ŋue megblɔ na mi o. Ale míeƒoa nu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ be míatsɔ aɖe eƒe nyawo me na mi. Eya ta ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, mate ŋu ase Mawu ƒe nya siawo gɔme o, eye maxɔ wo dzi ase o. Nya siawo katã aɖi bometsinya le to me na ame sia tɔgbi elabena ame siwo me Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le la koe ate ŋu ase nya si gblɔm Gbɔgbɔ la le la gɔme.

Esi xexea me metsɔ eya ŋutɔ ƒe nunya dze si Mawu le Mawu ƒe nunya me o ŋuti la, edze Mawu ŋu be yeato gbeƒãɖeɖe bometsinya me axɔ ame siwo axɔ ase la.

Yudatɔwo dia nukunu kple dzesiwo eye Grikitɔwo dia xexemenunya, ke míawo ya míeɖea gbeƒã Kristo, ame si woklã ɖe ati ŋuti, nu si nye nukikli na Yudatɔwo kple bometsinya na ame siwo menye Yudatɔwo o, ke hena ame siwo Mawu la, Yudatɔwo kple Grikitɔwo siaa la, Kristoe nye Mawu ƒe ŋusẽ kple nunya.

Yesu Kristo meɖom ɖa be mava de mawutsi ta na amewo o, ke boŋ be magblɔ nyanyui la. Ke la, nye nyagbɔgblɔ la meɖea kpe tututu o elabena ne mele mawunya gblɔm la, nyemeɖea ami ɖe nye nyawo o elabena nyemedi be matɔtɔ ŋusẽ blibo si le Yesu ƒe atitsogaŋunya la me kple amegbetɔwo ƒe nunya o.

Ke miawo la, mienye ame tiatiawo, fia la ƒe nunɔlawo, dukɔ kɔkɔe, ame siwo nye Mawu ŋutɔ , be miaɖe gbeƒã ame si mi tso viviti me va eƒe nukukekeli me la ƒe kafukafu.

Seja o primeiro
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-