Lei
A lei de Deus é expressão do seu caráter e amor. Do Sinai ao Sermão do Monte, a lei orienta, protege e revela o padrão santo de Deus para a vida humana.
O propósito da lei
A lei de Deus revela o pecado e nos conduz a Cristo. Pela lei é que temos consciência do que é justo e do que é errado.
Eya ta Mawu matso afia na ame aɖeke be ele dzɔdzɔe to se la dzi wɔwɔ me o; ke boŋ to se la me la, míedea dzesi nu vɔ̃.
Míezu kluviwo na dzɔdzɔenyenye
Ekema aleke wòle? Esi míegale se la ƒe kpɔkplɔ te o, ke boŋ míele amenuveve la ƒe kpɔkplɔ te ɖe, ɖe míaganɔ nu vɔ̃ wɔwɔ dzi mahã? Gbeɖe!
Xɔsetɔ ƒe ablɔɖe
Ne ame aɖe di be yeaɖu trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖu la, ate ŋu aɖui faa, meda Mawu ƒe se aɖeke dzi o, gake menye eya ta ame naɖu nu sia o. Togbɔ be se aɖeke mexe mɔ nɛ o hã la, ɖewohĩ nuwɔna sia medze tututu be wòawɔ o.
Elabena wowu se blibo la katã nu to se ɖeka sia dzi wɔwɔ me, si nye, "Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene."
Ke Gbɔgbɔ la ƒe kutsetsee nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔɖi, dɔmenyowɔwɔ, nyuiwɔwɔ, nuteƒewɔwɔ, tufafa kple ɖokuidziɖuɖu. Se la metsi tsitre ɖe nu siawo ŋuti o.
Mitsɔ mia nɔewo ƒe agbawo, eye le esia wɔwɔ me la, miawu Kristo ƒe se la nu.
Amar e obedecer
O maior mandamento é amar a Deus e ao próximo. Toda a lei se resume nestes dois mandamentos, que são o fundamento de tudo.
Se eveliae nye, ‘Lɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃a ɖokuiwòe ene.’ Le nyateƒe me la, Se bubu aɖeke megali si le vevie wu esiawo o."
Mele se dem na mi be mialɔ̃ mia nɔewo abe ale si nye hã melɔ̃ mie ene.
Le nu sia nu me la, nu siwo ke miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nu mawo ke na ame bubuwo hã, elabena esiae nye Se la kple Nyagblɔɖilawo ƒe nufiafia ƒe taƒonya.
Amehavilɔlɔ̃
Migana naneke ƒe fe natsi mia ŋu o, negbe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe ko. Migaxe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe sia vɔ gbeɖe o! Elabena ne mielɔ̃ wo la, miawɔ Mawu ƒe seawo katã dzi, eye miawɔ nu sia nu si Mawu bia tso mia si la.
Mawu ŋutɔ de se na mí be ame si lɔ̃a Mawu la nelɔ̃ nɔvia hã.
Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne míaƒe dziwo mebu fɔ mí o la, dzideƒo le mía si le Mawu ŋkume, eye nu sia nu si míabiae la, míaxɔe, elabena míewɔ eƒe sewo dzi, eye míewɔ nu si dzea eŋu.
Bênçãos da obediência à lei
Se andardes nos meus mandamentos, vivereis. A obediência à lei de Deus traz vida, paz e prosperidade espiritual.
Sedziwɔwɔ ŋuti yayrawo
"Ne èwɔ Yehowa, wò Mawu la ƒe se siwo katã mele mia nam egbe la dzi pɛpɛpɛ la, awɔ wò nàzu dukɔ gãtɔ le xexea me,
Mede se na mi egbea be mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, miazɔ le eƒe mɔwo dzi, eye mialé eƒe sewo me ɖe asi, ale be mianɔ agbe, eye miazu dukɔ gã aɖe, ekema Yehowa ayra mi le anyigba si le mia tɔ zu ge la dzi.
Vɔ̃ Aƒetɔ la
"Azɔ, Israel, nu ka Yehowa, wò Mawu la di tso asiwò wu be nàvɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, nàzɔ le eƒe mɔwo katã dzi, nàlɔ̃e, eye nàsubɔe kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo, eye nàwɔ ɖe Yehowa ƒe sewo kple ɖoɖo siwo katã mena mi egbe la dzi ale be wòanyo na wò?
Hekpe ɖe esia ŋuti la, ele be nàbu se siwo mele nawòm egbe la ŋu ɣe sia ɣi. Ele be nàkui ɖe to me na viwòwo, eye nàƒo nu na wo tso wo ŋu ne miele aƒe me alo ne miele tsa ɖim, le anyimlɔɣi kple fɔfɔɣi abe nu gbãtɔ ene le ŋdi me.
Mègana Segbalẽ sia nado le wò nu me o, de ŋugble le eŋu zã kple keli be nàwɔ nu siwo katã woŋlɔ ɖe eme la dzi nyuie. Ekema dzɔgbenyui kple dzidzedze anɔ wò mɔ dzi.
Mikpɔ egbɔ be mieyi se siwo Mose de na mi la wɔwɔ dzi, milɔ̃ Yehowa, eye mizɔ ɖe ɖoɖo siwo wòwɔ ɖe miaƒe agbenɔnɔ ŋu la nu. Milé ɖe Yehowa miaƒe Mawu ŋu, eye miasubɔe kple miaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo."
Madi wò kple nye dzi blibo,
eya ta mègana matra tso wò sewo gbɔ o.
Metia nyateƒe ƒe mɔ,
eye nye dzi ku ɖe wò sewo ŋu.
Gake tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, Yehowa ƒe lɔlɔ̃ li
kple ame siwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye nɔa anyi
kple wo viwo ƒe viwo
kpakple ame siwo léa eƒe nubabla me ɖe asi,
eye woɖoa ŋku edzi wɔna ɖe eƒe sewo dzi.
Lei e graça
A lei veio para nos guiar; a graça veio para nos salvar. Em Cristo, cumprimos a lei pelo amor — o fruto do Espírito não tem lei contra si.
Mi fofowo la, migado dɔmedzoe na mia viwo o, ke boŋ mihe wo, eye miafia nu wo le Aƒetɔ la me.
O amegbetɔ, egblɔ nu si nyo la na wò.
Nu ka Yehowa di tso asiwò?
Be nàwɔ nu si le eteƒe, alɔ̃ nublanuikpɔkpɔ eye nàzɔ
kple wò Mawu la le ɖokuibɔbɔ me.
Nya dzɔdzɔe nesi abe tsi ene,
eye dzɔdzɔenyenye abe tɔʋu si memiena o ene!
Migade ha kple dzimaxɔsetɔwo o
Migawɔ ɖeka kple ame siwo melɔ̃a Aƒetɔ la o. Ƒomedodo kae le xɔsetɔwo kple dzimaxɔsetɔwo dome? Eye aleke kekeli kple viviti ate ŋu anɔ teƒe ɖekae le ɣeyiɣi ɖeka me?