David ƒe ɖoɖowo na Salomo
1 Esi Fia David ƒe kuɣi ɖo vɔ la, egblɔ na via, Solomo be:
2 "Mele demagbɔnugbe yim eya ta lé dzi ɖe ƒo, nàwɔ kalẽ. 3 Wɔ nu siwo katã Yehowa, wò Mawu ɖo na wò. Wɔ eƒe se siwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe agbalẽ me la dzi ale be nu sia nu si nàwɔ le go ɖe sia ɖe me la nadze edzi na wò. 4 Ne èwɔ alea la, ekema Yehowa awɔ ŋugbe si wòdo nam la dzi. Ŋugbe siae nye be ne vinyewo kple woƒe dzidzimeviwo azɔ nyuie, eye woawɔ nuteƒe na ye, Mawu la, ekema wo dometɔ ɖeka anye fia na Israel ɣe sia ɣi eye nye fiaɖuƒe nu mayi akpɔ o.