Srɔ̃ɖeɖe ƒe sewo dzi dada
13 Ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃, eye wòdɔ egbɔ, 14 emegbe wògblɔ be edɔ ŋutsu gbɔ kpɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la, eye wòtsɔ nya ɖe eŋu be, "Menye ɖetugbi si menya ŋutsu kpɔ wònye hafi meɖee o" la, 15 ekema ɖetugbi la fofo kple dadaa aɖe ɖetugbi la ƒe ŋutsumanyamanya do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la afia dua ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo. 16 Ɖetugbi la fofo agblɔ na wo be, "Metsɔ vinyenyɔnu na ŋutsu sia be wòaɖe. Eɖee, ke fifia edo vloe 17 hele ŋukpenanyawo gblɔm ɖe eŋuti be enya ŋutsu hafi yeɖee. Ke nyateƒe la ƒe ɖeɖefiae nye esi." Ekema wòakeke nyɔnu la ƒe avɔ me afia ʋɔnudrɔ̃lawo.