Pular para o conteúdo
Publicidade

Ester 9

20 Mordekai ŋlɔ nu tso nya siawo katã ŋuti, eye wòɖo agbalẽ la ɖe Yudatɔwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒe la me. 21 Edo ŋusẽ wo be woaɖu ŋkekenyui sia ƒe sia ƒe le ɣleti wuievelia, Ada ƒe ŋkeke wuienelia kple wuiatɔ̃lia dzi. 22 Woaɖu ŋkeke la abe ŋkeke si dzi woɖe Yudatɔwo tso woƒe futɔwo ƒe asi me ene, woagaɖui abe ɣleti si me woƒe vevesese trɔ zu dzidzɔkpɔkpɔ, eye woƒe konyifagbe zu aseyetsogbe la ene. Eŋlɔ na wo be woaɖu ŋkekeawo abe nuɖugbe, nunogbe kple dzidzɔkpɔgbe ene, woana nuɖuɖu wo nɔewo, eye woana nu ame dahewo .

23 Ale Yudatɔwo ̃ heɖua ŋkeke la abe ale si wodze egɔmee ene ɖe nu si Mordekai ŋlɔ na wo la nu. 24 Hamedata ƒe vi, Haman, Agagitɔ, Yudatɔwo ƒe futɔ, ɖo nugbe ɖe Yudatɔwo ŋu be yeatsrɔ̃ wo, eye woka nu kple pur be yeagblẽ wo dome, atsrɔ̃ wo, 25 gake esi nugbeɖoɖo la dze go to Ester dzi na fia la, ena woŋlɔ agbalẽ, ɖe gbe be nu ̃ɖi si Haman ɖo ɖe Yudatɔwo ŋu la, neva eya ŋutɔ ƒe ta dzi, eye be eya kple viawo la, woade ka ve na wo, 26 eya ta wona ŋkɔ ŋkekenyui sia be Purim, elabena woyɔa nukaka le Persiagbe me be pur. Le nu sia nu si woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me kple nu si wokpɔ kple nu si va dzɔ ɖe wo dzi ta la, 27 Yudatɔ siwo katã fiaɖuƒe la me la ̃ ɖe edzi be yewoadze kɔnu sia wɔwɔ gɔme, eye yewoatsɔe ade asi na yewoƒe dzidzimeviwo kple ame siwo katã azu Yudatɔwo. Woɖo be yewomagbe ŋkekenyui sia ɖuɖu le ŋkeke eve siawo dzi le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi ƒe sia ƒe o. 28 Woɖo be wòanye nu si woawɔ ƒe sia ƒe, tso dzidzime yi dzidzime, woaɖui le ƒome ɖe sia ɖe me, le kɔƒewo kple du gãwo siaa me le fiaɖuƒe la me, ale be ŋkuɖoɖo nya si dzɔ dzi la mabu le Yudatɔwo dome alo le woƒe dzidzimeviwo dome o.

29 Fianyɔnu Ester, Abihail ƒe vi ŋlɔ agbalẽ helɔ̃ ɖe agbalẽ si Mordekai ŋlɔ tso Purim ŋuti la dzi. 30 Kpe ɖe esia ŋu la, wogaŋlɔ agbalẽ na Yudatɔwo katã, eye woɖoe ɖe nuto alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-adreawo (127) katã me le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒe la me, hedi nyui kple ŋutifafa na ame sia ame. 31 Wodi tomefafa kple dedinɔnɔ na wo, eye woɖo na wo kple woƒe dzidzimeviwo be woaɖu Purim ŋkekenyui la le eɖuɣi tututu abe ale si wowɔa se siwo ku ɖe nutsitsidɔ kple konyifaɣiwo ŋu la dzi ene. Mordekai kple Fianyɔnu Ester siaae de se sia. 32 Ale Ester ƒe sedede ɖo kpe ŋkeke sia dzi, eye woŋlɔe ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ la me.

Veja também