Egiptetɔwo tsi Ƒu Dzĩ la me.
21 Tete Mose tsɔ eƒe asi do ɖe ƒu la dzi. Ale zã blibo la Yehowa tutu atsiaƒu la ɖe megbe to ɣedzeƒeya sesẽ aɖe dzi, eye wòna anyigba ƒuƒui dze. Tsi la ma ɖe akpa eve, 22 eye Israelviwo zɔ to atsiaƒu la me le anyigba ƒuƒui dzi, ale tsi la zu gli ɖe woƒe ɖusime kple miame.