10 Fifia mele dɔ wò ge ɖe Farao gbɔ be nàna be wòaɖe asi le nye dukɔ Israelviwo ŋu, eye nàkplɔ wo ado goe le Egipte."
11 Mose gblɔ na Mawu be, "Ame ka menye aɖatsi tsitre ɖe Farao ŋkume, agblɔ nɛ be meva Israelviwo ɖe ge tso Egipte?"
12 Mawu gblɔ nɛ be, "Manɔ anyi kpli wò, eye esia anye dzesi si afia be nyee nye ame si le dɔwòm. Ne èkplɔ Israelviwo do goe le Egiptenyigba dzi la, miasubɔ Mawu le to sia dzi."