Pular para o conteúdo
Publicidade

Mose 2 31

Bezalel kple Oholiab tiatia

1 Yehowa gblɔ na Mose be, 2 "Kpɔ ɖa, metia Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur ƒe tɔgbuiyɔvi tso Yuda ƒe to la me. 3 Mena Mawu ƒe Gbɔgbɔ eme, eye wòna nunya deto kple ŋutete kple aɖaŋu tɔxɛe hena agbadɔ la tutu kple nu sia nu si le eme la wɔwɔ. 4 Ŋutete blibo le eŋu hena nuwo wɔwɔ kple sika, klosalo kple akɔbli. 5 Enya ale si woatsɔ kpe xɔasiwo awɔ nuwo, eye woatsɔ atiwo akpa nuwoe.

Veja também