Pular para o conteúdo
Publicidade

Mose 1 2

Mawu Eva

18 Yehowa Mawu gblɔ be, "Menyo be ame la ɖeka ko nanɔ anyi o. Mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ ɖe eŋu la ."

19 Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi gbemelãwo katã kple dziƒoxeviwo katã. Ekplɔ wo va ame la gbɔe be yeanya ŋkɔ si wòana ɖe sia ɖe, eye ale si ame la nu gbagbe ɖe sia ɖee la zu ŋkɔ . 20 Ale ame la na ŋkɔ nu gbagbeawo, aƒemelãwo, dziƒoxeviwo kple gbemelãwo katã.

Ke amea ya mekpɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ o. 21 Tete Yehowa Mawu na ŋutsu la alɔ̃ yi eme ʋĩi. Emegbe la, eɖe ame la ƒe axaƒuti ɖeka, eye wòxe teƒe si wòɖee tsoe la. 22 Yehowa Mawu tsɔ axaƒuti si wòɖe le amea me la nyɔnu, eye wòkplɔe va ame la gbɔ.

23 Tete ame la do dzidzɔɣli be,

"Ɛhɛ̃! Esiae nye ƒu tso nye ƒu me

kple tso nye lãme.

Woayɔe be nyɔnu,

elabena ŋutsu me woɖee tsoe."

24 Esia ta ŋutsu gblẽa fofoa kple dadaa ɖi, eye wòkuna ɖe srɔ̃a ŋu ale gbegbe be ame eveawo zua ame ɖeka.

Veja também