28 Ɖe mènyae oa? Ɖe mèsee oa?
Yehowae nye Mawu mavɔtɔ la.
Eyae nye anyigba ƒe seƒe ke Wɔla.
Ɖeɖi metea eŋu alo nu tia kɔ nɛ o.
Eƒe nugɔmesese goglo.
Ame aɖeke mate ŋu adzro eme akpɔ o.
29 Ena ŋusẽ ame siwo ŋu ɖeɖi te,
eye wòdoa ŋusẽ ame siwo gbɔdzɔ.
30 Nu tia kɔ na sɔhɛwo gɔ̃ hã, eye wogbɔdzɔna.
Nenema ke ŋusẽ vɔna le ɖekakpuiwo ŋu,
eye wodzea anyi,
31 gake ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa la
ƒe ŋusẽ gaɖoa yeye me.
Woadzo ayi dzi abe hɔ̃wo ene.
Woaƒu du, gake ɖeɖi mate wo ŋu o.
Woazɔ azɔli, gake nu mati kɔ na wo o.