Publicidade

Isaías 54

Ŋutikɔkɔe si ava Zion dzi

1 "Tso aseye, o konɔ,

ame si medzi vi kpɔ o.

ame si melé ku kpɔ o.

Dzi ha nàdo dzidzɔɣli,

elabena nyɔnu si tsi akogo la

ƒe viwo gbɔ wu nyɔnu si si srɔ̃ le la."

Yehowae gblɔe.

2 Keke agbadɔ ƒe nɔƒe ɖe edzi,

he agbadɔvɔ la me ɖe edzi;

he agbadɔvɔ la me ɖe edzi,

mègatoe ɖe eme o.

Didi agbadɔkawo ɖe enu,

eye nàƒo tsyotiwo ɖe to sesĩe,

3 elabena akeke ta ayi ɖusime kple miame.

dzidzimeviwo axɔ dukɔwo

ƒe anyigbawo le wo si, eye woatso aƒewo ɖe

woƒe du gbagbãwo me, anɔ wo me.

4 "Mègavɔ̃ o, elabena mo matsi dãa o.

Mègavɔ̃ na ŋukpeɖuɖu o,

elabena womado vlo o.

Àŋlɔ ɖetugbimeŋukpewo be,

eye màgaɖo ŋku ahosinyenye

ƒe vlododowo dzi o,

5 elabena wɔlae nye srɔ̃.

Eƒe ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ.

Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae nye Ɖela.

Woyɔnɛ be anyigba blibo la ƒe Mawu.

6 Yehowa agbugbɔ ayɔ ,

abe nyɔnu si gbɔ srɔ̃a gbe nu le,

eye eƒe gbɔgbɔ le nu xam la ene.

Abe ame si ɖe srɔ̃ le ɖetugbime,

eye srɔ̃a gblee ɖi la ene"

Mawu lae gblɔe.

7 "Megble ɖi ɣeyiɣi kpui aɖe ko,

gake matsɔ dɔmetɔtrɔ si goglo la akplɔ agbɔe.

8 Le nye dziku sesẽ la me meɣla

nye mo ɖe ɣeyiɣi kpui aɖe,

gake matsɔ dɔmenyo si nɔa anyi

tegbee la ave nuwòe."

Yehowa, Ɖelae gblɔe.

9 "Ele nam ko abe Noa ƒe ɣeyiɣiwo me ene,

esi meka atam be ale si tsi ɖe anyigbae le Noa ŋɔli la,

magadzɔ nenema akpɔ gbeɖe o.

Nenema kee meka atam azɔ be

nyemagado dziku ɖe mia ŋuti o

eye nyemagaka mo na mi akpɔ o.

10 Togbɔ be towo aʋa, eye togbɛwo aɖe ɖa la,

nye lɔlɔ̃ mavɔ si metsɔ ̃ mi la maʋã o,

eye nye ŋutifafanubabla mate ɖa o."

Yehowa, nublanuikpɔlae gblɔe.

11 "O! du si kpe hiã,

ahom ɖe nu, eye womefa akɔ na o.

Matsɔ kpe ŋɔŋɔewo atu wòe,

eye matsɔ adzagba aɖo gɔwòme anyi.

12 Matsɔ gbloti asrã xɔtamee,

agbowo anye lekewɔnu siwo le keklẽm,

eye gliwo anye kpe xɔasiwo.

13 Yehowa afia nu viwò ŋutsuwo katã,

eye viwòwo ƒe ŋutifafa asɔ gbɔ fũu.

14 Woaɖo gɔwòme anyi le dzɔdzɔenyenye me.

Ŋutasesẽ anɔ adzɔge na .

Màvɔ̃ na naneke o.

Ŋɔdzi ate ɖa xaa tso gbɔwò,

eye mate ɖe ŋuwò o.

15 Ne ame aɖe avu kpli la, menye nyee dɔe o.

Ame si awɔ avu kpli la, ana ta.

16 "Kpɔ ɖa, nyee gbede

si yɔa ʋu ɖe dzo te wòléna,

eye wòtua lãnu si hiã na eƒe .

Nyee nugblẽla be wòagblẽ nu;

17 lãnu sia lãnu si wotu ɖe ŋutiwò la,

madze edzi o,

eye àɖu aɖe sia aɖe si atso ɖe

ŋutiwò le ʋɔnu la dzi.

Esiae nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu,

eye wòganye afiatsotso na tso gbɔnye,"

Yehowae gblɔe.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-